NUSƆSRƆ̃NYATI 40
HADZIDZI 111 Nu Si Ta Míekpɔa Dzidzɔ Ðo
Yehowa Ate Ŋu Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ
“Mayi Mawu . . . si nye nye aseyetsotso la gbɔ.”—PS. 43:4.
TAÐODZINUA
Le nyati sia me la, míade dzesi nu siwo ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Azɔ hã míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ be míagakpɔ dzidzɔ ake ne míegale dzidzɔ kpɔm o.
1-2. (a) Aleke ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me egbea? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
LE XEXEA me egbea la, ame akpa gãtɔ tea nu vovovowo kpɔna kple susu be yewoakpɔ dzidzɔ, gake gbeɖegbeɖea koe; womekpɔa dzidzɔ o. Nu gloa ame geɖe eye woléa blanui. Yehowa subɔla aɖewo hã ate ŋu ase le wo ɖokuiwo me nenema. Esi míele “ŋkeke mamlɛawo” me ta la, míekpɔa mɔ be nɔnɔmeawo “asesẽ” ɖe edzi eye tenɔnɔ ɖe wo nu manɔ bɔbɔe o. Esia ate ŋu ana míatsi dzimaɖi eye dzi naɖe le mía ƒo.—2 Tim. 3:1.
2 Le nyati sia me la, míakpɔ nu siwo ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Eyome míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ be míagakpɔ dzidzɔ ake ne edzɔ be míegale dzidzɔ kpɔm o. Gake gbã la, na míade dzesi Ame si ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.
YEHOWAE ANA MÍAKPƆ DZIDZƆ VAVÃTƆ
3. Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le nu siwo wòwɔ me? (Kpɔ fotoawo hã.)
3 Yehowa kpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi. Eye edi be míawo hã míanɔ dzidzɔ kpɔm. Esia tae wòwɔ nu geɖe siwo doa dzidzɔ na mí. Le kpɔɖeŋu me, amadede vovovo siwo le míaƒe anyigbaa dzi nya kpɔna na mí. Edzɔa dzi na mí ne míekpɔ lãwo le fefem alo ne míeɖu míaƒe nuɖuɖu vevitɔ. Esiawo ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí vevie ŋutɔ eye edi be míakpɔ dzidzɔ le agbe me!
Atiglinyivi: Image © Romi Gamit/Shutterstock; ƒumexe suewo: Vladimir Seliverstov/500px via Getty Images; gbɔ̃viwo: Rita Kochmarjova/stock.adobe.com; ƒumeha eve: georgeclerk/E+ via Getty Images
Ale si lãwo fena ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa nye dzidzɔ Mawu (Kpɔ memama 3)
4. (a) Nu ka tae Yehowa kpɔa dzidzɔ togbɔ be ele fukpekpe geɖe teƒe kpɔm hã? (b) Nu nyui kae Yehowa na mí? (Psalmo 16:11)
4 Yehowa nye ‘dzidzɔ Mawu,’ gake meɖe mɔ nu gbãdziname kple fukpekpe siwo bɔ ɖe xexea me la gblẽ eƒe dzidzɔkpɔkpɔ me o. (1 Tim. 1:11) Enyae be ɣeyiɣi kpui aɖe koe fukpekpe siawo anɔ anyi elabe eya ŋutɔ ɖo ɣeyiɣi si wòava ɖe wo ɖa keŋkeŋ la ɖi. Egbɔ dzi ɖi le dzi dom va se ɖe esime wòaɖe nuxaxa kple fukpekpewo katã ɖa tegbee. Gake fifia gɔ̃ hã la, Yehowa sea nu siwo me tom míele la gɔme eye wòdi be yeakpe ɖe mía ŋu. Aleke wòwɔa esiae? Mɔ ɖekae nye be ena nu vevi aɖe mí, si nye dzidzɔ. (Xlẽ Psalmo 16:11.) Na míakpɔ ale si wòtsɔ dzidzɔ ƒe nunana sia kpe ɖe Via Yesu ŋui ɖa.
5-6. Nu ka tae Yesu kpɔa dzidzɔ?
5 Le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo katã dome la, Yesue kpɔa dzidzɔ wu. Nu ka tae? Susu vevi siawo tae. (1) Yesue “nye Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme” eye eɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo fiana pɛpɛpɛ. (Kol. 1:15; 1 Tim. 6:15) (2) Yesue nɔ Fofoa, si nye dzidzɔ vavã Tsoƒe, la gbɔ ɣeyiɣi didi wu ame bubu ɖe sia ɖe.
6 Azɔ hã, Yesu kpɔa dzidzɔ elabe ewɔa Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi. (Lod. 8:30, 31; Yoh. 8:29) Esi wòwɔa nuteƒe alea ta la, eƒe nu dzea Yehowa ŋu eye Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu.—Mat. 3:17.
7. Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ?
7 Míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míetena ɖe Yehowa, Ame si gbɔ dzidzɔkpɔkpɔ tsona la ŋu. Zi ale si míele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, zi nenemae míagaɖe eƒe nɔnɔmewo afia nyuie wu eye esia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe. Azɔ hã, míakpɔ dzidzɔ ne míewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu elabe míenyae be míaƒe nu dzea eŋu.a (Ps. 33:12) Ke ne dzi medzɔa mí ɣeaɖewoɣi o alo míegava le dzidzɔ kpɔm kura o ya ɖe? Ðe esia fia be míaƒe nu megadzea Mawu ŋu oa? Kpao! Esi míede blibo o ta la, ɣeaɖewoɣi la míesea veve, míeléa blanui eye míexaa nu. Ne edzɔ alea la, Yehowa sea egɔme na mí. (Ps. 103:14) Azɔ na míadzro nu siwo ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me kple nu siwo míawɔ be míagava nɔ dzidzɔ kpɔm ake la me.
MÈGAÐE MƆ NANEKE NAGBLẼ WÒ DZIDZƆKPƆKPƆ ME O
8. Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne míele kuxi sesẽwo me tom?
8 Nu gbãtɔ: Agbemekuxiwo. Ðe yometiti, dzɔdzɔmefɔku, ahedada, dɔléle alo tsitsimekuxiwo le nu gblẽm le ŋuwòa? Nu siawo ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me bɔbɔe, vevietɔ ne nu boo aɖeke meli míate ŋu awɔ tso nɔnɔmea ŋu o. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be, “dzi si le veve sem nana nu tea ame ƒe gbɔgbɔ ŋu.” (Lod. 15:13) Bu hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Babis ŋu kpɔ. Edzilawo kple nɔviaŋutsu ku le ƒe ene ko me. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be metsi asi eye metsi akogo. Nu si hã gatena ɖe dzinye ŋutɔe nye be hafi dzinyelawo kple nɔvinyea naku la, edzroam be makpɔ vovo ɖe wo ŋu geɖe wu, gake nɔnɔmeawo meɖe mɔ o.” Nyateƒee, agbemekuxiwo ate ŋu ana nu nati kɔ na mí eye dzi naɖe le mía ƒo.
9. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagava nɔ dzidzɔ kpɔm? (Yeremiya 29:4-7, 10)
9 Nu kae ate ŋu ana míagakpɔ dzidzɔ ake? Míate ŋu awɔ naneke le míaƒe kuxi aɖewo ŋu o, eya ta ne míedzudzɔ dzitsitsi fũu ɖe wo ŋu eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu la, dzi agate ŋu ava nɔ mía dzɔm. Xexea di be míasusui be ne nu sia nu le edzi yim nyuie na mí ko hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ. Gake menye nyateƒee o. Le kpɔɖeŋu me, esime Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon la, Yehowa gblɔ na wo be woatrɔ ɖe nɔnɔme si me wova kpɔ wo ɖokuiwo le le dzronyigba dzi la ŋu, eye woawɔ wo tɔ sinua be agbea nanya nɔ na wo le nɔnɔme sesẽ ma me. (Xlẽ Yeremiya 29:4-7, 10.) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Dze agbagba nàtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe nu nyui siwo le asiwò fifia la ŋu. Ðo ŋku edzi hã be Yehowa magblẽ wò ɖi o, akpe ɖe ŋuwò. (Ps. 63:7; 146:5) Bu nɔvinyɔnu Effie ŋu kpɔ; edze afɔku si na eƒe lãme tu. Gake egblɔ be: “Yehowa, nye ƒomea me tɔwo, kple hamea kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le mɔ geɖe nu. Eya ta mese le ɖokuinye me be ne mena ta la, ke afia be nyemekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wowɔ nam la ŋu o. Medi be maɖee afia Yehowa kple nɔviwo be mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si gbegbe wokpe ɖe ŋunyee la ŋu.”
10. Nu ka tae míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne míele kuxiwo me tom gɔ̃ hã?
10 Ne nu mede mía dzi le agbe me o alo afɔku dzɔ ɖe míawo ŋutɔ alo míaƒe ƒometɔ aɖe dzi gɔ̃ hã la, míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.b (Ps. 126:5) Nu ka tae? Elabe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ menɔ te ɖe nɔnɔme si me míele dzi o. Nɔvinyɔnu Maria, si nye gbesiagbe mɔɖela gblɔ be: “Ne èle kuxiwo me tom gake nèkpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm la, mefia be mèle veve sem o. Ke nu si wòfia boŋue nye be mèŋlɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo be o. Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.” Ale si ko ame ƒe afɔteƒe ɖena ɖe ke me gake sẽ kple sẽ ko wòbuna keŋkeŋ ne ya ƒo la, nenema kee aleke kee míaƒe kuxiwo nu ɖasẽe o, womanɔ anyi ɖaa o. Eteƒe madidi o, Yehowa abu mo na míaƒe kuxiwo keŋkeŋ.
11. Aleke apostolo Paulo ƒe ŋutinya de dzi ƒo na wòe?
11 Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu asusui be esi Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o tae míele kuxiwo me tom ɖo. Ne èse le ɖokuiwò me alea la, ke àte ŋu ade ŋugble le Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo to kuxi sesẽwo me la ŋu. Bu nu si me apostolo Paulo to ŋu kpɔ. Yesu ŋutɔe tiae be wòatsɔ nyateƒea “ayi na dukɔwo kple fiawo kpakple Israel-viwo.” (Dɔw. 9:15) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee nye ema! Ke hã, nu siwo me Paulo to la menɔ bɔbɔe kura o. (2 Kor. 11:23-27) Ðe kuxi siwo me Paulo to enuenu la ɖee fia be eƒe nu megadzea Yehowa ŋu oa? Ao, kura o! Esi Yehowa nɔ kpekpem ɖe eŋu tae wòte ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽ mawo me. (Rom. 5:3-5) Azɔ bu wò nɔnɔmea ŋu kpɔ. Togbɔ be èle xaxawo alo nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, ète ŋu yi edzi le nuteƒe wɔm hele dzi dom. Eya ta wò hã ka ɖe edzi be wò nu dzea Yehowa ŋu eye ele kpekpem ɖe ŋuwò.
12. Aleke taɖodzinu siwo gbɔ míete ŋu ɖo o ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me?
12 Nu evelia: Ne míete ŋu ɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ o. (Lod. 13:12) Esi míelɔ̃ Yehowa eye míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo katã wòwɔ na mí ŋu ta la, míawo hã míeɖonɛ be míawɔ geɖe le esubɔsubɔ me. Ne míeɖo taɖodzinu aɖe, gake nɔnɔmeawo wɔe be míete ŋu ɖo egbɔ o la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. (Lod. 17:22) Nɔvinyɔnu Holly si nye mɔɖela gblɔ be: “Medi be made Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua, ne masubɔ le duta, alo akpe asi ɖe Ramapo xɔtudɔa ŋu. Gake nɔnɔmeawo trɔ nam si wɔe be nyemagate ŋu aɖo taɖodzinu mawo gbɔ o. Dzi ɖe le ƒonye vevie. Evena ŋutɔ ne didia le mewò be yeawɔ nane gake mète ŋui o.” Yehowa subɔla geɖewo hã sena le wo ɖokuiwo me alea.
13. Ne nɔnɔmeawo meɖe mɔ na mí be míawɔ geɖe o hã la, taɖodzinu bubu kawoe míate ŋu aɖo?
13 Nu kae ate ŋu ana míagakpɔ dzidzɔ ake? Mègaŋlɔ be o be Yehowa mezia ame dzi o. Media nu geɖe akpa tso mía si o; eye menye nu siwo gbegbe míewɔna le esubɔsubɔ me dzie wònɔa te ɖo kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Nu si ko dim Yehowa le tso mía si ye nye be míanya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo eye míayi edzi awɔ nuteƒe. (Mika 6:8; 1 Kor. 4:2) Ame si míenye le ememe le vevie nɛ wu nu siwo míewɔna. Ðe wòasɔ be míadi nu geɖe tso mía ɖokui si wu esi dim Yehowa le tso mía sia?c Masɔ nenema kura o! Eya ta ne wò nɔnɔmeawo maɖe mɔ na wò be nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me o la, dze agbagba nàlé fɔ ɖe nu siwo nàte ŋu awɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu anɔ hehe nam sɔhɛwo alo anɔ dzi dem ƒo na nɔvi siwo tsi le ƒe me. Àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu hã be yeayi aɖasrã nɔvi aɖe kpɔ, ayɔe le fon dzi, alo aŋlɔ message ɖee atsɔ ade dzi ƒo nɛ. Ne èdzea agbagba ɖoa taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo la, Yehowa ayra wò eye wòana nàkpɔ dzidzɔ! Eye ɖo ŋku edzi hã be eteƒe madidi o mɔnukpɔkpɔ geɖe aʋu ɖi na mí le xexe yeyea me be míasubɔ Yehowa le mɔ siwo míesusu kpɔ o la gɔ̃ hã nu! Nɔvinyɔnu Holly, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ne dzi ɖe le ƒonye la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Esusɔ vie ko mava nɔ agbe tegbee.’ Yehowa akpe ɖe ŋunye be maɖo nye taɖodzinuawo dometɔ aɖewo gbɔ le xexe yeyea me.”
14. Nu bubu kae ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me?
14 Nu etɔ̃lia: Ðokuiŋudzedze. Ame aɖewo toa Internet dzi hahoo kadoƒewo dzi nana wòdzena be ne míewɔ nu siwo dze mía ŋu la, míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Ame aɖewo hã susui be ne yewowɔa nu siwo doa dzidzɔ na yewo, ƒlea nu siwo yewodi alo zɔa mɔ yia teƒeteƒewo la, ke yewoakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Menye nu gbegblẽe nu siawo nye o. Yehowa wɔ mí be nu siwo nya kpɔ la nado dzidzɔ na mí. Gake ame geɖe va kpɔe be nu siwo yewosusu be ana yewoakpɔ dzidzɔ la boŋ va gblẽ yewoƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Nɔvinyɔnu Eva si nye mɔɖela gblɔ be: “Ne nu siwo ana nàkpɔ dzidzɔ koe nɔa vevie na wò la, naneke maɖi ƒo na wò akpɔ gbeɖe o.” Nyateƒee, ne nu siwo dzea mía ŋu koe míewɔna ɣesiaɣi eye emawo koe xɔa susu me na mí la, ɖeko wòana míalé blanui eye dzi naɖe le mía ƒo.
15. Nufiame kae le Fia Salomo ƒe ŋutinyaa me na mí?
15 Fia Salomo ƒe nuteƒekpɔkpɔa ɖo kpe edzi be ameɖokuiŋudzedze menana wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ o. Salomo te nu sia nu si dzroe la kpɔ kple susu be yeakpɔ dzidzɔ. Le kpɔɖeŋu me, eɖu nu viviwo, ese ha viviwo, eye nu sia nu si ga ate ŋu awɔ ɣemaɣi la su esi. Gake ewɔ nublanui be nu mawo dometɔ aɖeke mena wòkpɔ dzidzɔ o. Egblɔ be: “Nukpɔkpɔ meɖia ƒo na ŋku o; eye nusese meyɔa to o.” (Nyagb. 1:8; 2:1-11) Ame aɖewo susunɛ be ne ga le yewo si eye yewowɔ nu sia nu si yewodi la, ana yewoakpɔ dzidzɔ. Gake alakpae, menye nu mawoe ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ o.
16. Nu ka tae míakpɔ dzidzɔ ne míekpe ɖe amewo ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)
16 Nu kae ate ŋu ana míagakpɔ dzidzɔ ake? Yesu fia mí be, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Alekos gblɔ be: “Medzea gbagba be mawɔ nu suesue aɖewo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu. Ne mele esia wɔm la, nye susu meganɔa ɖokuinye ŋu o, si wɔnɛ be mekpɔa dzidzɔ geɖe wu.” Nu kae wò hã nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu? Ne èkpɔ nɔvi aɖe wòlé blanui la, dze agbagba nàdo ŋusẽe. Ðewohĩ màte ŋu akpɔ eƒe kuxiwo gbɔ ya o, gake ne èɖo toe veveseɖeamenutɔe eye nèse nu gɔme nɛ la, eƒe dzi adze eme. De dzi ƒo nɛ be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Ps. 55:22; 68:19) Àte ŋu aka ɖe edzi nɛ hã be Yehowa megblẽe ɖi o. (Ps. 37:28; Yes. 59:1) Àte ŋu awɔ nu bubu aɖewo hã atsɔ akpe ɖe eŋu; ɖewohĩ àɖa nu nɛ alo nàkplɔe miaɖi tsa vie. Alo àte ŋu awɔ ɖoɖo kplii miayi gbeadzi; nya nyuia gbɔgblɔ na amewo nana míekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi. Ðe mɔ Yehowa nazã wò nàde dzi ƒo na amewo. Ne míetsɔa susu ɖoa ame bubuwo ŋu ke menye míawo ŋutɔ mía ɖokuiwo ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ!—Lod. 11:25.
Wɔ nu si aɖe vi na ame bubuwo, tsɔ wu be wò susu nanɔ wò didiwo ko ŋu (Kpɔ memama 16)d
17. Ne míedi be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, nu kae wòle be míawɔ? (Psalmo 43:4)
17 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ ne míeyi edzi le tetem ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu. Biblia ka ɖe edzi na mí be Yehowae nye míaƒe “aseyetsotso.” (Xlẽ Psalmo 43:4.) Eya ta nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, mele be míatsi dzimaɖi alo avɔ̃ o. Neva eme be míatsɔ susu aɖo Yehowa si nye míaƒe Dzidzɔtsoƒe vavãtɔ la ŋu ɖaa!—Ps. 144:15.
HADZIDZI 155 Wòe Nye Míaƒe Dzidzɔ
a Kpɔ aɖaka si nye “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Be Wòana Nàkpɔ Dzidzɔ.”
b Ʋu jw.org nàkpɔ Nɔviŋutsu Dennis kple srɔ̃a Irina Christensen ƒe gbebiame ƒe video si dze le Ƒe 2023 Dɔdzikpɔha Ƒe Nyatakaka Atɔ̃lia me.
c Ne èdi nyatakaka geɖe la, kpɔ nyati si nye “Da Sɔ Le Nu Siwo Nèdina Tso Ðokuiwò Si Me, Be Nàkpɔ Dzidzɔ,” si dze le July 15, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe yi ɖaƒle nu gbogbo aɖewo na eɖokui, gake esi wòƒle seƒoƒo tsɔ na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si hiã dzideƒo la, ekpɔ dzidzɔ wu.