NUSƆSRƆ̃NYATI 44
HADZIDZI 138 Ta Ƒowɔ Ƒe Atsyɔ̃
Nu Siwo Akpe Ðe Ŋuwò Nànɔ Dzidzɔ Kpɔm Le Wò Tsitsime
“ Woayi edzi anɔ ku tsem le woƒe tsitsime gɔ̃ hã.”—PS. 92:14.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe nɔvi tsitsiwo ŋu woakpɔ nu si tae wòle be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm kple ale si woawɔ esia.
1-2. Aleke Yehowa bua esubɔla wɔnuteƒe tsitsiwo? (Psalmo 92:12-14; kpɔ fotoa.)
LE XEXEA ƒe akpa aɖewo la, enyea dada na amewo be yewole tsitsim le esi amewo dea bubu ame tsitsiwo ŋu ta. Gake le xexea ƒe akpa bubuwo la, amewo wɔa nu sia nu si woate ŋui be tsitsi nagadze le yewo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ne wokpɔ woƒe ɖakui aɖe ƒo wɔ la, wohonɛ ɖa enumake. Ke hã, nu ka kee woɖawɔ o, tsitsi adze le wo ŋu godoo.
2 Togbɔ be ele alea hã la, aleke mía Fofo si le dziƒo la bua esubɔla tsitsiwoe? (Lod. 16:31) Etsɔ wo sɔ kple ati damawo. (Xlẽ Psalmo 92:12-14.) Nu kae nya sia fia? Zi geɖe la, ati siwo tsi nyuie ye wɔa mlɔmlɔmlɔ heƒoa se geɖe. Le kpɔɖeŋu me, ati aɖewo le Japan siwo ƒe seƒoƒowo nya kpɔna ŋutɔ. Eye ati mawo dometɔ aɖewo xɔ ƒe 1000 kple edzivɔ. Nenema kee Yehowa subɔla wɔnuteƒe tsitsiwo hã nya kpɔna le Mawu ŋkume abe ati mawo ene. Nu si Yehowa kpɔna le esubɔla siawo ŋu la yi ŋgɔ wu woƒe ta ƒowɔ. Edea asixɔxɔ ame tsitsi siawo ƒe nɔnɔme nyui siwo nye dzidodo, nuteƒewɔwɔ, kple ƒe gbogbo siwo wotsɔ le esubɔm la ŋu.
Mawusubɔla tsitsi wɔnuteƒewo nya kpɔna le eŋkume eye woyia edzi ƒoa se abe ati dama siwo nya kpɔ la ene (Kpɔ memama 2)
3. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be Yehowa de dɔ veviwo asi na esubɔla siwo tsi le ƒe me.
3 Ale si Yehowa dea asixɔxɔ ame ŋu la dzi meɖena kpɔtɔna ne amea le tsitsim o.a Zi geɖe la, Yehowa dea dɔ veviwo asi na ame tsitsiwo. Le kpɔɖeŋu me, Sara tsi xɔ ƒe geɖe esime Yehowa na wònya be ava zu dukɔ geɖewo dada kple Mesia la mama. (1 Mose 17:15-19) Mose hã tsi xɔ ƒe geɖe hafi Yehowa de dɔ esi be wòayi aɖaɖe Israel-viwo tso Egiptetɔwo si me. (2 Mose 7:6, 7) Eye le apostolo Yohanes hã gome la, etsi xɔ ƒe geɖe esime Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi ʋãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ atɔ̃ sɔŋ.
4. Le Lododowo 15:15 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu woado dzi le kuxi siwo vaa wo dzi la me? (Kpɔ fotoa hã.)
4 Zi geɖe la, lãmegbegblẽ ɖea fu na ame tsitsiwo, si wɔnɛ be agbea sesẽna na wo. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ nukokoetɔe be, “Tsitsi mele bɔtɔe o lo!” Gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔb ne èle tsitsimekuxiwo me tom kura gɔ̃ hã. (Xlẽ Lododowo 15:15.) Le nyati sia me la, míadzro nu ŋutɔŋutɔ siwo ame tsitsiwo ate ŋu awɔ ale be woayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm la me. Eye míade dzesi nu siwo nɔvi siwo le hamea me hã ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi tsitsi siawo ŋu. Gbã la, na míakpɔ nu si ta wòate ŋu asesẽ na ame tsitsiwo be woanɔ dzidzɔ kpɔm esi ƒeawo va le yiyim la ɖa.
Ne èdea dzesi nu nyui siwo katã wɔm Yehowa le na wò la, akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be èle kuxiwo me tom hã (Kpɔ memama 4)
NU SIWO NANA WÒSESẼNA BE MÍAYI EDZI AKPƆ DZIDZƆ NE MÍELE TSITSIM
5. Nu kawoe ate ŋu ana dzi naɖe le ame tsitsi aɖewo ƒo?
5 Nu kae ate ŋu ana dzi naɖe le ƒowò? Ðewohĩ èléa blanui elabe mègatea ŋu wɔa nu siwo nèwɔna tsã la o. Anɔ eme be èɖoa ŋku esime nènye ɖekakpui alo ɖetugbui dzi eye wòdzroa wò be yeaganɔ nenema ake. (Nyagb. 7:10) Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu Ruby gblɔ be: “Avu kple kɔe wònyena hafi metea ŋu doa awu, elabe nye kpeƒekpeƒewo katã nɔa veyem eye azɔli hã megale ŋunye o. Be makɔ afɔ dzi ado afɔwui kura gɔ̃ hã zu dɔ blibo. Nu suesuewo gɔ̃ hã meganya wɔna nam o elabe nye asibidɛwo katã nɔa veyem.” Nɔviŋutsu Harold, si subɔ le Betel gblɔ be: “Nyemenya ame si tɔgbi meva zu o eye esia tena ɖe dzinye ɣeaɖewoɣi. Ŋusẽ nɔ ŋunye le nye ɖekakpui me. Bezbɔlƒoƒo dzɔa dzi nam ɣemaɣi. Amewo gblɔna be, ‘Mida bɔl la na Harold elabe medaa dadagbo o.’ Gake fifia ya nyemagate ŋu ada bɔl la gɔ̃ hã o.”
6. (a) Nu bubu kawoe ate ŋu ana dzi naɖe le ame tsitsiwo ƒo? (b) Nu kae akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu woatso nya me nenye be woadzudzɔ ʋu alo dzokeke kuku? (Kpɔ nyati si nye “Ðe Wòle Be Madzudzɔ Ʋukukua?” si dze le Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia me.)
6 Nu bubu si ate ŋu aɖe dzi le ƒowòe nye be fifia màgate ŋu awɔ nanewo le ɖokuiwò si o. Esia ate ŋu abia be ame aɖe nava nɔ kpekpem ɖe ŋuwò alo nàʋu aɖanɔ viwòwo dometɔ aɖe gbɔ. Ðewohĩ tsitsi wɔe be ŋusẽ megale ŋuwò o eye ŋkua hã megale nu kpɔm nyuie o si na be màgate ŋu aku ʋu alo dzokeke alo atso le ɖokuiwò si ayi teƒe aɖewo o. Esiawo katã ate ŋu ate ɖe dziwò ŋutɔ! Ele eme be màgate ŋu awɔ nanewo fifia ya o, gake ɖo ŋku edzi be ema meɖiɖi asixɔxɔ si le ŋuwò na Yehowa o. Èkpɔtɔ le vevie nɛ ŋutɔ. Ka ɖe edzi be Yehowa nya ale si nèle sesem le ɖokuiwò me. Enya ale si gbegbe nèlɔ̃ ye kple nɔviawo siaa. Ema tae wòdea asixɔxɔ ŋuwò ɖo.—1 Sam. 16:7.
7. Ne etena ɖe dziwò be ɖewohĩ yemanɔ agbe akpɔ xexe sia ƒe nuwuwu o la, nu kae akpe ɖe ŋuwò?
7 Ðewohĩ èléa blanui ɣeaɖewoɣi, elabe ewɔna na wò be yemanɔ agbe akpɔ xexe sia ƒe nuwuwu o. Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, ke nu kae akpe ɖe ŋuwò? Dze agbagba nàɖo ŋku edzi be Yehowa le lalam dzigbɔɖitɔe be yeahe xexe vɔ̃ɖi sia ava nuwuwu. (Yes. 30:18) Gake nu ka tae Yehowa le dzi gbɔm ɖi? Ele mɔnukpɔkpɔ nam ame geɖe be woava nya ye ahasubɔ ye. (2 Pet. 3:9) Eya ta ne dzi ɖe le ƒowò la, ɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe dzigbɔɖia aɖe vi na ame geɖewo hafi nuwuwua nava. Ame siawo dometɔ aɖewo ate ŋu anye wò ƒometɔwo gɔ̃ hã.
8. Nu kae ate ŋu adzɔ ne ame siwo tsi le ƒe me la dze dɔ alo le veve sem?
8 Ƒe ka kee míeɖaxɔ o, ne míedze dɔ la, ate ŋu adzɔ be míagblɔ nya aɖewo alo awɔ nu siwo ava te ɖe mía dzi emegbe. (Nyagb. 7:7; Yak. 3:2) Le kpɔɖeŋu me, esi nuteƒewɔla Hiob nɔ fu kpem la, ‘eƒo nu kple adã.’ (Hiob 6:1-3) Nenema kee dɔléle alo atike aɖe si zãm ame tsitsiwo le ate ŋu awɔe be woagblɔ nya aɖe alo awɔ nane si madze ga dzi o. Gake ne ame aɖe tsi alo dze dɔ la, manyo be wòaɖoe koŋ anɔ nu siwo mesɔ o wɔm ɖe amewo ŋu alo anɔ tɔ tem ɖe edzi ɣesiaɣi be woawɔ nu sia nu si yedi la na ye o. Eye ne ède dzesii be yegblɔ nya aɖe si mesɔ o na ame aɖe la, ke anyo be nàɖe kuku enumake.—Mat. 5:23, 24.
ALE SI NÀWƆ AYI EDZI ANƆ DZIDZƆ KPƆM
Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be èle tsitsimekuxiwo me tom hã? (Kpɔ memama 9-13)
9. Nu ka tae wòle be nàɖe mɔ amewo nakpe ɖe ŋuwò? (Kpɔ fotoa hã.)
9 Ðe mɔ amewo nakpe ɖe ŋuwò. (Gal. 6:2) Gbãa, esia ate ŋu asesẽ na wò. Nɔvinyɔnu Gretl gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna nam be malɔ̃ amewo nakpe ɖe ŋunye elabe mesena le ɖokuinye me be mava nye agba na wo. Exɔ ɣeyiɣi hafi meva dzudzɔ nuwo ŋu bubu alea helɔ̃ be woakpe ɖe ŋunye.” Ne èɖe mɔ amewo kpe ɖe ŋuwò la, woakpɔ dzidzɔ si dona tsoa nunana me. (Dɔw. 20:35) Eye dzi adzɔ wò hã elabe àkpɔe be amewo lɔ̃ ye eye wotsɔ ɖe le eme na ye.
(Kpɔ memama 9)
10. Nu ka tae wòhiã be míaɖo ŋku edzi ada akpe na amewo? (Kpɔ fotoa hã.)
10 Nye akpedala. (Kol. 3:15; 1 Tes. 5:18) Ne amewo wɔ nyui na mí la, edzea mía ŋu. Ke hã ate ŋu adzɔ be míaɖe ŋu ɖi eye míada akpe o. Gake ne míeɖoa ŋku edzi tsɔa dzidzɔ daa akpe na wo la, woakpɔe be míedea asixɔxɔ yewo ŋu eye nu si yewowɔ la dze mía ŋu. Nɔvinyɔnu Leah, si léa be na nɔvi tsitsiwo le Betel, la gblɔ be: “Nɔvinyɔnu tsitsi siwo meléa be na la dometɔ ɖeka ŋlɔa akpedanya aɖewo ɖe agbalẽvi dzi nam. Nya ʋɛ aɖewo ko wòŋlɔna gake ewɔa dɔ ɖe dzinye. Ɣesiaɣi si mexɔ agbalẽvi mawo la, dzi dzɔam elabe mekpɔnɛ be ale si mekpena ɖe eŋui la dzea eŋu.”
(Kpɔ memama 10)
11. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)
11 Dze agbagba nàkpe ɖe amewo ŋu. Ne èbua amewo ŋu eye nèkpena ɖe wo ŋu la, awɔe be wò susu manɔ wò kuxiwo ŋu fũu akpa o. Afrikatɔwo ƒe lododo aɖe tsɔ ame tsitsiwo sɔ kple agbalẽdzraɖoƒe si yɔ fũu kple agbalẽ siwo me nunya geɖe le. Gake ne amewo mexlẽ agbalẽ mawo o la, womanya nunya si gbegbe be ɖe wo me o. Nenema kee esi nèto nu geɖe me eye nunya geɖe su asiwò ta la, anyo be nàgblɔ nu siwo nènya kple wò nuteƒekpɔkpɔwo na sɔhɛwo. Ðo dze kple amewo eye nàɖo to wo nyuie ne wole nu ƒom. Gblɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò le agbe me la na wo eye nàna woakpɔe be toɖoɖo Yehowa ye ana woakpɔ dzidzɔ vavã. Ðikeke mele eme o be ne èfaa akɔ na amewo hedea dzi ƒo na wo la, àkpɔ dzidzɔ geɖe.—Ps. 71:18.
(Kpɔ memama 11)
12. Abe ale si wòdze le Yesaya 46:4 ene la, nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na ame tsitsiwo? (Kpɔ fotoa hã.)
12 Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòado ŋusẽ wò. Togbɔ be ɖeɖi ate ŋuwò eye nu ate ɖe dziwò ɣeaɖewoɣi hã la, “ɖeɖi metea [Yehowa ya ŋu] o, eye nu metia kɔ nɛ o.” (Yes. 40:28) Ke aleke Yehowa zãa eƒe ŋusẽ si ŋu seɖoƒe meli na o lae? Mɔ ɖekae nye be ezãnɛ tsɔna doa ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe tsitsiwo. (Yes. 40:29-31) Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ do ŋugbe be yeakpe ɖe wo ŋu. (Xlẽ Yesaya 46:4.) Eye Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. (Yos. 23:14; Yes. 55:10, 11) Ne èdoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, aɖo to wò ahana nàkpɔe be yelɔ̃ wò vevie, eye esia ana nàkpɔ dzidzɔ ŋutɔ.
(Kpɔ memama 12)
13. Le 2 Korintotɔwo 4:16-18 ƒe nya nu la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? (Kpɔ fotoa hã.)
13 Ðo ŋku edzi be wò kuxiwo manɔ anyi ɖaa o. Ne míeɖoa ŋku edzi be míaƒe kuxiwo nu ayi kpuie la, anɔ bɔbɔe na mí be míayi edzi ado dzi. Biblia ka ɖe edzi na mí be le etsɔme la, ame aɖeke magatsi aku amegã alo nyagã alo adze dɔ o. (Hiob 33:25; Yes. 33:24) Eya ta àte ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm fifia elabena ènyae be àva nɔ lãmesẽ me, ŋusẽ anɔ ŋuwò eye àdze ɖeka alo adze tugbe wu tsã. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:16-18.) Ke nu kae ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu?
(Kpɔ memama 13)
NU SIWO MÍAWƆ ATSƆ AKPE ÐE AME TSITSIWO ŊU
14. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ ka ƒom na mía nɔvi tsitsiwo ahanɔ wo srãm kpɔ?
14 Nɔ nɔvi tsitsiwo yɔm eye nànɔ wo srãm kpɔ edziedzi. (Heb. 13:16) Zi geɖe la, ame tsitsiwo tsia akogo si wɔnɛ be woléa blanui. Nɔviŋutsu tsitsi Camille si tsi teƒe ɖeka gblɔ be: “Xɔ me ko menɔna ŋkeke bliboa. Esia na xɔmenɔnɔ va tim. Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me abe dzata tsitsi si wolé de xadza me ene. Metsia dzimaɖi eye nu tena ɖe dzinye.” Ne míesrãna ame tsitsiwo kpɔna la, wokpɔnɛ be yewole vevie eye míelɔ̃ yewo. Ðe nèɖoe be yeaƒo ka na ame tsitsi aɖe si le miaƒe hamea me alo aɖasrãe kpɔ gake mète ŋu wɔe oa? Edzɔna ɖe mí katã dzi. Vovo megale ame aɖeke ŋu fifia o. Ke nu kae akpe ɖe mía ŋu ‘míakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii,’ siwo dometɔ aɖee nye be míanɔ nɔvi tsitsiwo srãm kpɔ? (Flp. 1:10) Àte ŋu aŋlɔ nɔvi tsitsi siwo le miaƒe hamea me ƒe ŋkɔwo ɖi eye nàɖo ŋkeke si nàɖo text message ɖe wo alo ayɔ wo la ɖi. Wɔ ɖoɖo aɖe koŋ si dzi nàzɔ ɖo anɔ wo srãm kpɔ eye nàdze agbagba awɔ ɖe edzi.
15. Nu kawoe sɔhɛwo kple ame tsitsiwo ate ŋu awɔ ɖekae?
15 Ne sɔhɛe nènye la, ɖewohĩ àtsi dzi vie elabe mènya dze si nàɖo kple ame tsitsiwo alo nu si nàwɔ kpli wo ɖekae o. Gake mègatsi dzi kura o. Nu si hiã koe nye be nànye xɔlɔ̃ nyui. (Lod. 17:17) Ðo dze kple nɔvi tsitsiwo do ŋgɔ na kpekpea alo le kpakpã megbe. Àte ŋu abia wo be woagblɔ mawunyakpukpui si doa dzidzɔ na wo la na wò alo nane si wowɔ le ɖevime si kpɔtɔ ɖia kokoe na wo la na wò. Àte ŋu akpe wo woava kpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna aɖe kpli wò. Àgate ŋu awɔ nu bubu siwo aɖe vi na ame tsitsiwo. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu be woƒe fon alo tablɛt nanɔ dɔ wɔm nyuie alo nàhe nusrɔ̃gbalẽ yeyewo ɖe woƒe mɔ̃wo dzi. Nɔvinyɔnu Carol gblɔ be: “Lɔ̃ faa nàwɔ nu siwo doa dzidzɔ na wò la kple nɔvi tsitsiwo. Togbɔ be metsi hã la, medi be mase vivi na agbea. Edzɔa dzi nam be mayi aɖaƒle nu le fiase me, ado aɖaɖu nu kple xɔ̃nyewo alo aɖi tsa ayi teƒe siwo nya kpɔ.” Nɔvinyɔnu Maira gblɔ be: “Xɔ̃nye vevi aɖe xɔ ƒe 90. Etsi wum ƒe 57 sɔŋ. Gake esia meɖea fu nam o, elabe míeɖoa dze koa nu eye míeɖea modzaka hã ɖekae. Eye ne kuxiwo do mo ɖa la, míedia aɖaŋuɖoɖo tso mía nɔewo gbɔ.”
16. Nu ka tae wònyo be míanɔ nɔvi tsitsiwo ŋu ne woyina kɔdzi?
16 Nɔ wo ŋu ne woyina kɔdzi. Àte ŋu akplɔ nɔvi tsitsiwo ayi kɔdzi eye nànɔ wo ŋu ne woakpɔ ɖɔkta. Ne èwɔe alea la, àwɔ akpa aɖe be ɖɔktawo nawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. (Yes. 1:17) Lé to ɖe nya siwo ɖɔktaa gblɔ na wo la ŋu nyuie eye nàŋlɔ wo ɖi. Nɔvinyɔnu Ruth gblɔ be: “Zi geɖe ne nye ɖeka meyi kɔdzi la, ɖɔktaa mexɔa nya siwo megblɔna nɛ la dzi sena o. Ðɔktawo tea ŋu gblɔna be, ‘Mèle dɔ lém o, wò ŋutɔe susu nane ko le gbɔgblɔm.’ Gake ne ame aɖe kplɔm yi la, wowɔa nu ɖe ŋunye nyuie. Meda akpe na nɔvi siwo kplɔam yia kɔdzi heƒoa nu ɖe nunye na ɖɔktawo.”
17. Gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo kawoe nàte ŋu awɔ kple nɔvi tsitsiwo?
17 Wɔ dɔ kpli wo ɖekae le gbeadzi. Ŋusẽ mele nɔvi tsitsi aɖewo ŋu be woazɔ awɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa o. Ðe nàte ŋu akpe nɔvinyɔnu tsitsi aɖe be wò kplii mianɔ ɖaseɖikekevia gbɔa? Àte ŋu adi zikpui nɛ wòanɔ anyi. Alo àte ŋu akpe nɔviŋutsu tsitsi aɖe be wòakplɔ wò ayi Biblia nusrɔ̃vi aɖe gbɔ alo ne anya wɔ la, nàkplɔ nusrɔ̃via ayi nɔvi tsitsia gbɔ, ne miasrɔ̃ nua le eƒe me. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo woawɔ kpekpe na gbeadzi le nɔvi tsitsiwo ƒe aƒe me ne wòanɔ bɔbɔe na wo be woakpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me. Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne míewɔ mía tɔ sinua de bubu ame tsitsiwo ŋu heɖe lɔlɔ̃ fia wo.—Lod. 3:27; Rom. 12:10.
18. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
18 Nyati sia ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa lɔ̃ mi nɔvi tsitsiwo eye wòdea asixɔxɔ mia ŋu. Eye mí hamea me tɔwo katã hã míelɔ̃ mi vevie! Mía nɔvi tsitsi lɔlɔ̃awo, togbɔ be miele kuxi geɖe me tom hã la, Yehowa akpe ɖe mia ŋu miayi edzi akpɔ dzidzɔ. (Ps. 37:25) Aleke gbegbee wòde dzi ƒoe nye esi be mianyae be miaƒe agbemeŋkeke nyuitɔwo meva yi o, ke boŋ wole ŋgɔ! Ke aleke mí ame siwo le ƒometɔ tsitsiwo, ɖevi sue alo xɔlɔ̃ aɖe si dze dɔ vevie dzi kpɔm la awɔ anɔ dzidzɔ kpɔm? Míaɖo biabia sia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.
HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye
a Kpɔ video si nye Nɔvi Tsitsiwo—Miele Akpa Vevi Aɖe Wɔm, le jw.org kple JW Library® dɔwɔnua dzi.