INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 November axa 22-27
  • “Ame Vevi Nènye”!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ame Vevi Nènye”!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI YESU KPE ÐE AMEWO ŊU WOKA ÐE EDZI BE ASIXƆXƆ LE YEWO ŊU
  • NU SIWO AKPE ÐE MÍA ŊU MÍABU MÍA ÐOKUI ABE ALE SI YEHOWA BUA MÍI ENE
  • ‘Yehowa Daa Gbe Le Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Yehowa Lɔ̃ Wò Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Srɔ̃ Nu Tso Nu Siwo Yesu Wɔ Le Ŋkeke 40 Mamlɛ Siwo Wònɔ Anyigba Dzi Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 November axa 22-27

NUSƆSRƆ̃NYATI 47

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

“Ame Vevi Nènye”!

“Ame vevi nènye.”—DAN. 9:23.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe ame siwo sena le wo ɖokuiwo me be yewomele ɖeke me o ŋu woaka ɖe edzi be yewole vevie na Yehowa eye edea asixɔxɔ yewo ŋu.

1-2. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ mía ŋu?

YEHOWA dea asixɔxɔ esubɔlawo katã ŋu, gake wo dometɔ aɖewo sena le wo ɖokui me be yewomele vevie nɛ o. Ðewohĩ esi ame aɖewo mewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie o tae wosena le wo ɖokui me alea ɖo. Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me oa? Ne nenemae la, nu kae akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò?

2 Nu siwo akpe ɖe ŋuwò dometɔ ɖekae nye be nàxlẽ Biblia me ŋutinya siwo ɖe ale si Yehowa di be woawɔ nu ɖe amewo ŋui la fia. Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye ale si Via, Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋu; ede bubu amewo ŋu eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. Eto esia dzi ɖee fia be ye Fofo dea asixɔxɔ gã ɖokuibɔbɔla siwo sena le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o la ŋu. (Yoh. 5:19; Heb. 1:3) Le nyati sia me la, míadzro: (1) ale si Yesu kpe ɖe amewo ŋu woka ɖe edzi be yewole vevie na Yehowa, kple (2) ale si míate ŋu aka ɖe edzi na mía ɖokuiwo be míele vevie na Mawu.—Hag. 2:7.

ALE SI YESU KPE ÐE AMEWO ŊU WOKA ÐE EDZI BE ASIXƆXƆ LE YEWO ŊU

3. Aleke Yesu wɔ nu ɖe Galileatɔ siwo va egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu la ŋu?

3 Esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem le Galilea la, ame geɖe va egbɔ be yewoase eƒe nyawo eye wòada gbe le yewo ŋu. Yesu de dzesii be “wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.” (Mat. 9:36) Woƒe subɔsubɔhakplɔlawo mebua wo ɖe ɖeke me o, eye woyɔa wo be ‘fiƒodemewo’ gɔ̃ hã. (Yoh. 7:​47-49) Gake Yesu ya de bubu wo ŋu eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie, efia nu wo heda gbe le wo ŋu. (Mat. 9:35) Esi Yesu di be yeakpe ɖe ame geɖe wu ŋu ta la, ena hehe eƒe apostoloawo be woafia nu amewo, eye wòna ŋusẽ wo hã be woada gbe le wo ŋu.—Mat. 10:​5-8.

4. Nu kae ale si Yesu wɔ nu ɖe ame siwo amewo mebuna ɖe ɖeke me o ŋu la fia mí?

4 Ale si Yesu de bubu eƒe nyaselawo ŋu eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie la ɖee fia be eya kple Fofoa dea asixɔxɔ ame siwo amewo mebuna ɖe ɖeke me o la ŋu. Ne èle Yehowa subɔm gake mèka ɖe edzi be edea asixɔxɔ ye ŋu o la, ke bu ale si Yesu kpɔ vovo ɖe ɖokuibɔbɔla siwo di be yewoasrɔ̃ nu tso egbɔ la ŋu. Esia ana nàkpɔ ale si gbegbe nèle vevie na Yehowa.

5. Aleke nɔnɔmea anya nɔ na Galilea nyɔnu si Yesu do goe?

5 Yesu fiaa nu amehawo, gake ekpɔa vovo ɖe ame ɖekaɖekawo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi wònɔ gbeƒã ɖem le Galilea nutowo me la, edo go nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe 12 sɔŋ. (Marko 5:25) Le Sea nu la, nyɔnua ŋu mekɔ o, eya ta ame sia ame si aka si eŋu hã ŋu makɔ o. Le susu sia ta la, anya ɖe eɖokui ɖe aga tso amewo gbɔ si na wòtsi akogo. Azɔ hã, mate ŋu anɔ amehawo dome asubɔ Yehowa le ƒuƒoƒea o eye mate ŋu ayi ŋkekenyuiwo ɖuƒe hã o. (3 Mose 15:​19, 25) Ðikeke mele eme o be nyɔnu sia kpe fu vevie le ŋutilã kple seselelãme siaa gome.—Marko 5:26.

6. Nu kae nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la wɔ ale be wòte ŋu haya?

6 Nyɔnu sia si le fu kpem la di vevie be Yesu nada dɔ na ye. Gake mete ŋu yi egbɔ tẽe o. Nu ka tae? Ðewohĩ ekpe ŋu nɛ be yeate ɖe Yesu ŋu le nɔnɔmea ta. Alo anya nɔ vɔvɔ̃m be Yesu ablu ɖe ye ta anya ye elabe yeva amehaa dome evɔ ye ŋu mekɔ o. Eya ta ewɔ ɖɔɖɔɖɔ va ka asi Yesu ƒe awudziwuia ŋu elabe eka ɖe edzi be ema ɖeɖe ana yeahaya. (Marko 5:​27, 28) Woɖo eƒe xɔse teƒe nɛ; ehaya hã vavã. Enumake Yesu bia be ame kae ka asi yeƒe awudziwuia ŋu, eye nyɔnua ʋu eme be yee. Ke aleke Yesu wɔ nu ɖe eŋui?

7. Aleke Yesu wɔ nu ɖe nyɔnu si nɔ fu kpem vevie la ŋu? (Marko 5:34)

7 Yesu de bubu nyɔnua ŋu eye wòwɔ nu ɖe eŋu nyuie. Ede dzesii be “vɔvɔ̃ ɖo nyɔnu la, eye wòle dzodzom nyanyanya.” (Marko 5:33) Le esia ta la, eƒo nu na nyɔnua tufafatɔe hede dzi ƒo nɛ. Eyɔe gɔ̃ hã be “vinyenyɔnu.” Nya sia si Yesu zã la fia be ede bubu nyɔnua ŋu eye wògaɖe ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme nɛ la fia. (Xlẽ Marko 5:34.) Yevugbe me Nusɔsrɔ̃ Biblia gblɔ be “nudzɔdzɔ sia me koe Yesu yɔ nyɔnu aɖe le tẽe be ‘vinyenyɔnu.’ Anɔ eme be Yesu yɔ nyɔnua nenema le esi wòkpɔ ale si wònɔ ‘vɔvɔ̃m vevie’ ta.” Bu ale si gbegbe eƒe dzi anya dze emee ŋu kpɔ! Ne ɖe Yesu meƒo nu nɛ ameŋububutɔe alea o la, anye ne ahaya pɛ, gake anɔ fɔ bum eɖokui be yeyi amewo dome vae ka asi Yesu ƒe awudziwui ŋu. Menye dɔ koe Yesu da na nyɔnua o, ke ena wòkpɔe hã be ame vevi aɖee wònye eye Fofoa si le dziƒo la dea asixɔxɔ eŋu.

8. Nɔnɔme sesẽ kawo mee nɔvinyɔnu aɖe si le Brazil la to?

8 Egbea hã, Yehowa subɔla aɖewo dze dɔ, si wɔnɛ be dzi ɖena le wo ƒo wosena le wo ɖokui me be yewomele ɖeke me o. Aleae wònɔ na nɔvinyɔnu Maria,a si nye gbesiagbe mɔɖela le Brazil. Wodzii nuwɔametɔ; afɔwo mele esi o, eye eƒe miabɔ hã meli o. Egblɔ be: “Esime menɔ suku la, wowɔa ŋlɔmi le ŋunye enuenu le esi menye nuwɔametɔ ta. Wotsɔ megbeŋkɔwo nam tsɔna doa vlom. Nye ƒometɔwo gɔ̃ hã mewɔa nu ɖe ŋunye nyuie o.”

9. Aleke wokpe ɖe Maria ŋu wòkpɔe be Yehowa dea asixɔxɔ ye ŋu?

9 Nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu Maria ŋu? Esi wòva zu Yehowa Ðasefo la, nɔviwo fa akɔ nɛ eye wokpe ɖe eŋu wòkpɔ eɖokui abe ale si Yehowa kpɔnɛ ene. Egblɔ be: “Nɔvi siwo kpe ɖe ŋunye ƒe xexlẽme wu gbɔgblɔ! Meda akpe na Yehowa tso dzi me ke be wòna meva le ƒome gã sia si me tɔwo tsɔa ɖe le eme nam la me.” Nɔviawo kpe ɖe Maria ŋu wòkpɔe be Mawu dea asixɔxɔ ye ŋu vevie.

10. Nɔnɔme wɔnublanui ka mee Maria Magdalatɔ la nɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

10 Ame bubu aɖe si ŋu Yesu kpe ɖoe nye Maria Magdalatɔ la. Gbɔgbɔ vɔ̃ adre sɔŋ ge ɖe eme nɔ fu wɔmee! (Luka 8:2) Anɔ eme be wonɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi si wɔnɛ be wònɔa nu wɔm ɖeƒomevii, eye esia na be amewo ƒoa asa nɛ. Le nɔnɔme wɔnublanui ma me la, anya se le eɖokui me be amewo gbe nu le ye gbɔ, yemele dedie o, eye mɔkpɔkpɔ nabu ɖee. Anɔ eme be Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ siwo nɔ fu ɖem nɛ la do goe le eme, eye wòva zu eyomedzela dovevienu. Yesu gawɔ nu bubu aɖe hã tsɔ kpe ɖe Maria Magdalatɔ la ŋu wòkpɔe be yele vevie na Mawu. Nu kae wòwɔ?

Fotoawo: 1. Nu te ɖe Maria Magdalatɔ la dzi vevie wòle klo dzi be ɖe xɔ aɖe xa eye Yesu le ekpɔm. 2. Maria Magdalatɔ la le Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wòle dzidzɔ kpɔm.

Aleke Yesu kpe ɖe Maria Magdalatɔ la ŋu wòka ɖe edzi be yele vevie na Yehowa? (Kpɔ memama 10-11)


11. Nu kawoe Yesu wɔ tsɔ ɖee fia Maria Magdalatɔ la be ele vevie na Mawu? (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

11 Yesu kpe Maria Magdalatɔ la be wòanɔ ye kple yeƒe apostoloawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me.b Esia wɔe be Yesu ƒe nufiafiawo ɖe vi nɛ. Gbe si gbe wofɔ Yesu ɖe tsitre la, eɖe eɖokui fia Maria Magdalatɔ la. Enye nusrɔ̃la gbãtɔ siwo Yesu ƒo nu kplii gbe ma gbe la dometɔ ɖeka. Yesu dɔe gɔ̃ hã be wòayi aɖagblɔe na yeƒe apostoloawo be wofɔ ye ɖe tsitre. Yesu to mɔ siawo dzi na wòkpɔe be ele vevie ŋutɔ na Yehowa!—Yoh. 20:​11-18.

12. Nu ka mee Lidia to si na wòse le eɖokui me be yemele vevie o?

12 Egbea, ame geɖe hã sena le wo ɖokuiwo me be yewomele ɖeke me o, abe ale si ko wònɔ le Maria Magdalatɔ la gome ene. Nɔvinyɔnu Lidia, si le Spain, gblɔ be esi ye dada fɔ yeƒe fu la, eɖoe be yeaɖe fua. Lidia ɖo ŋku edzi be esi yenɔ ɖevime la, ye dada metsɔa ɖeke le eme na ye o eye wògblɔa nya veamewo ɖe ye ŋu. Egblɔ be: “Nye taɖodzinu le agbe me koe nye be amewo nalɔ̃m eye woadze xɔ̃m. Gake ewɔna nam be nu ka kee meɖawɔ o, amewo mate ŋu alɔ̃ nye nya o elabe danye na mese le ɖokuinye me be nyemenyo o.”

13. Nu kae kpe ɖe Lidia ŋu wòka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ye ŋu?

13 Esi Lidia va nɔ nyateƒea srɔ̃m la, gbedodoɖa, ɖokuisinusɔsrɔ̃, ale si nɔviwo wɔa nu ɖe eŋu kple nya tuameɖo siwo wogblɔna nɛ kpe ɖe eŋu wòva ka ɖe edzi be yele vevie na Yehowa. Egblɔ be: “Srɔ̃nye gblɔna nam edziedzi be yelɔ̃m ŋutɔ. Eɖoa ŋku nɔnɔme nyui siwo le asinye la dzi nam enuenu. Nɔvi bubuwo hã wɔnɛ alea.” Abe Lidia ene la, ɖe nɔvi aɖewo le miaƒe hamea me siwo sena le wo ɖokui me be yewomele vevie na Yehowa oa? Ekema to wò nuwɔna kple nyagbɔgblɔwo dzi nàkpe ɖe wo ŋu woaka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ yewo ŋu.

NU SIWO AKPE ÐE MÍA ŊU MÍABU MÍA ÐOKUI ABE ALE SI YEHOWA BUA MÍI ENE

14. Aleke 1 Samuel 16:7 akpe ɖe mía ŋu míabu mía ɖokui abe ale si Yehowa bua míi ene? (Kpɔ aɖaka si nye “Nu ka Tae Yehowa Dea Asixɔxɔ Eƒe Amewo Ŋu?”)

14 Ðo ŋku edzi be ale si Yehowa bua wòe la to vovo na ale si xexea bua wòe. (Xlẽ 1 Samuel 16:7.) Egbea, amewo ƒe dzedzeme, ɖoƒe si wole, alo afi si wode suku se ɖo dzie amewo nɔa te ɖo dea asixɔxɔ wo ŋu. (Yes. 55:​8, 9) Gake menye aleae wòle le Yehowa gome o. Eya ta mègatsɔ xexea ƒe susu dzidze asixɔxɔ si le ŋuwò o; na Yehowa ƒe susu nanɔ asiwò. Àte ŋu axlẽ nu tso Yehowa subɔla siwo se le wo ɖokui me kpɔ be asixɔxɔ mele yewo ŋu o la ŋu le Biblia me; wo dometɔ aɖewoe nye Eliya, Naomi, kple Hana. De dzesi ale si Yehowa ɖee fia be yedea asixɔxɔ wo ŋu. Azɔ hã, àte ŋu aŋlɔ nu siwo dzɔ le wò agbe me siwo ɖee fia be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò eye wòlɔ̃ wò vevie la ɖi. Àgate ŋu axlẽ nyati siwo ƒo nu tso ale si míawɔ ade asixɔxɔ mía ɖokui ŋua ŋu le míaƒe agbalẽwo me.c

Nu Ka Tae Yehowa Dea Asixɔxɔ Eƒe Amewo Ŋu?

Yehowa wɔ amegbetɔwo woto vovo na lãwo sãsãsã. Ewɔ mí be ƒomedodo nanɔ mía kpli ye dome eye míanye ye xɔlɔ̃wo. (1 Mose 1:27; Ps. 8:5; 25:14; Yes. 41:8) Nyateƒenya sia ɖeɖe dzaa ɖo kpe edzi na mí be asixɔxɔ le mía ŋu. Ke hã, ne mía kple Yehowa dome le kplikplikpli, míeɖe adzɔgbe nɛ, eye míeɖoa toe la, esia aganye kpeɖodzi sẽŋu bubu si ta míaka ɖe edzi be mía Mawu, si nye Wɔla la dea asixɔxɔ geɖe mía ŋu.—Yes. 49:15.

15. Nu ka tae Yehowa bu Daniel be enye “ame vevi”? (Daniel 9:23)

15 Ðo ŋku edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò le wò nuteƒewɔwɔ ta. Esi nyagblɔɖila Daniel nɔ eƒe ƒe 90-awo me la, edzɔ ɣeaɖeɣi be ‘ɖeɖi te eŋu belibeli’ eye dzi ɖe le eƒo. (Dan. 9:​20, 21) Nu kae Yehowa wɔ tsɔ de dzi ƒo nɛ? Yehowa dɔ mawudɔla Gabriel ɖa wòva ɖo ŋku edzi na Daniel be enye “ame vevi” eye be yese eƒe gbedodoɖa. (Xlẽ Daniel 9:23.) Nu kae na Mawu bu Daniel ame vevii nenema gbegbe? Elabe enye ame dzɔdzɔe eye wòlɔ̃ nuteƒewɔwɔ. (Eze. 14:14) Yehowa na woŋlɔ nya sia ɖe Biblia me be wòafa akɔ na mí. (Rom. 15:4) Nenema kee Yehowa sea wò gbedodoɖawo eye wòdea asixɔxɔ ŋuwò le esi nèlɔ̃a nu dzɔdzɔe eye nèwɔa nuteƒe nɛ ta.—Mika 6:​8, etenuŋɔŋlɔwo; Heb. 6:10.

16. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàbu Yehowa be enye Fofowò si lɔ̃ wò vevie?

16 Bu Yehowa be enye Fofowò si lɔ̃ wò vevie. Yehowa di be yeakpe ɖe ŋuwò, ke menye be yeadi vodada le ŋuwò o. (Ps. 130:3; Mat. 7:11; Luka 12:​6, 7) Eŋububu alea kpe ɖe ame geɖe siwo mebua wo ɖokui ɖe ɖeke me tsã o ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu nɔvinyɔnu Eliana si tso Spain ŋu kpɔ. Srɔ̃a dzunɛ hegblɔa gbɔɖiamenyawo ɖe eŋu ƒe geɖe. Esia na wòse le eɖokui me be ame aɖeke melɔ̃ ye o eye viɖe aɖeke hã mele ye ŋu o. Egblɔ be: “Ɣesiaɣi si mese le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o la, medzea agbagba be makpɔ ɖokuinye be Yehowa kɔm ɖe eƒe akɔnu lɔlɔ̃tɔe hele akɔ fam nam.” (Ps. 28:9) Nɔvinyɔnu Lauren, si tso South Africa (Afrique du Sud), hã ɖoa ŋku edzi na eɖokui be: “Esi wònye be Yehowa tsɔ lɔlɔ̃ka hem ɖe eɖokui ŋu hekpe ɖe ŋunye mele eƒe habɔbɔa me va se ɖe fifia eye wòto dzinye le nu fiam ame bubuwo ta la, meka ɖe edzi be edea asixɔxɔ ŋunye eye mele vevie nɛ.”—Hos. 11:4.

17. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be wò nu dzea Yehowa ŋu? (Psalmo 5:12) (Kpɔ fotoa hã.)

17 Ka ɖe edzi be wò nu dzea Yehowa ŋu. (Xlẽ Psalmo 5:12.) David tsɔ Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu sɔ kple “akpoxɔnu gã” si kpɔa ame dzɔdzɔewo ta. Ne ènya be Yehowa li kpli ye eye yeƒe nu dzea eŋu la, esia akpɔ tawò ale be nàgava nɔ ɖokuiwò bum be yemele ɖeke me o. Ke aleke nàwɔ anya be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu? Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Yehowa toa eƒe Nyaa dzi nana míekpɔa ale si wòbua míi. Azɔ hã, etoa hamemetsitsiwo, mía xɔlɔ̃ veviwo, kple nɔvi bubuwo dzi ɖoa ŋku edzi na mí be míele vevie na ye. Ke aleke wòle be nàwɔ nui ne nɔvi aɖe gblɔ nya nyui aɖe tso ŋuwò?

Dzi le nɔvinyɔnu aɖe dzɔm esi wòdo le Fiaɖuƒe Akpata me; eya kple nɔvinyɔnu bubu aɖe yina gbeadzi eye nɔvinyɔnua kpla asi kɔ nɛ.

Ne míeɖoa ŋku edzi be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu la, míagase le mía ɖokui me be míele ɖeke me o (Kpɔ memama 17)


18. Nu ka tae wòle be míalɔ̃ ɖe kafukafunya siwo amewo gblɔna na mí la dzi?

18 Ne ame siwo nya wò helɔ̃ wò kafu wò ɖe wò nɔnɔme nyui aɖewo ta la, lɔ̃ ɖe woƒe nyawo dzi. Ðewohĩ Yehowa to wo dzi le kpekpem ɖe ŋuwò be nàka ɖe edzi be yedea asixɔxɔ ŋuwò. Eliana si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Ʋɛʋɛʋɛ la, meva nɔ lɔlɔ̃m ɖe nya nyui siwo amewo gblɔna nam la dzi. Lɔlɔ̃ ɖe woƒe nyawo dzi mele bɔbɔe nam ya o, gake menyae be emae nye nu nyuitɔ si Yehowa di be mawɔ.” Hamemetsitsiwo kpe ɖe Eliana ŋu wòka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye. Fifia, Eliana nye gbesiagbe mɔɖela eye wòkpea asi ɖe Betel-dɔwo ŋu tso aƒe me.

19. Nu ka tae nèka ɖe edzi be yele vevie na Mawu?

19 Yesu ɖo ŋku edzi na mí be míexɔ asi na mía Fofo si le dziƒo la vevie ŋutɔ. (Luka 12:24) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be míele vevie na Yehowa. Mina míanɔ ŋku ɖom nya siawo dzi ɖaa! Neva eme be míawɔ mía tɔ sinua akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu woakpɔe be yewole vevie na Mawu!

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke Yesu kpe ɖe amewo ŋu wokpɔe be yewoxɔ asi le Mawu ŋkume?

  • Aleke Yesu kpe ɖe nyɔnu si nɔ ʋusisidɔ lém la ŋu?

  • Nu kae akpe ɖe mía ŋu míabu mía ɖokui abe ale si Yehowa bua míi ene?

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Maria Magdalatɔ la nɔ nyɔnu siwo zɔ mɔ kple Yesu la dome. Nyɔnu siawo zã woƒe nunɔamesiwo tsɔ kpɔ Yesu kple eƒe apostoloawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Mat. 27:​55, 56; Luka 8:​1-3.

c Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa ƒe ta 24 lia. Azɔ hã, kpɔ agbalẽ si nye Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo ƒe tanya si nye “Ne Ewɔ Na Mí Be Míele Vevie Na Yehowa O,” eye nàxlẽ mawunyakpukpui kple Biblia me nudzɔdzɔ siwo le afi ma.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe