‘Lé Gbɔgbɔ La Ƒe Ðekanyenye Me Ðe Asi’
APOSTOLO PAULO de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Efeso la be woayi edzi ‘ado dzi anɔ anyi kple wo nɔewo le lɔlɔ̃ me eye woadze agbagba vevie alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi le ŋutifafa ƒe nublanu la me.’—Ef. 4:2, 3.
Mawu ƒe “gbɔgbɔ” kɔkɔea gbɔe wòtso be “ɖekanyenye,” alo ɖekawɔwɔ le mía dome. Esia fia be Mawu ƒe gbɔgbɔae na míewɔ ɖeka. Ke hã, abe ale si Paulo gblɔe ene la, ele be míadze agbagba alé ɖekawɔwɔa me ɖe asi. Ke ame ka ƒe agbanɔamedzie wònye? Le nyateƒe me la, Kristotɔ ɖe sia ɖe ƒe agbae wònye be ‘wòalé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi.’
Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale. Tsɔe be ame aɖe ƒle ʋu yeye na wò. Ame ka ƒe agbae wònye be wòanɔ be lém na ʋua? Ŋuɖoɖoa dze ƒãa. Ne mèlé be na ʋua o eye wògblẽ la, màte ŋu abu fɔ ame si na ʋua wò o ɖe!
Nenema kee ɖekawɔwɔ si le mí Kristotɔwo dome nye nunana tso Mawu gbɔ, eya ta mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agbae wònye be míalé eme ɖe asi. Ne mía kple nɔvi aɖe dome mele vivim o la, ke ahiã be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe mele nye akpa dzi wɔm be makpɔ nyaa gbɔ be ŋutifafa nanɔ hamea mea?’
‘DZE AGBAGBA VEVIE’ NÀNA ÐEKAWƆWƆ NANƆ ANYI
Paulo ƒe nyawo fia be ɣeaɖewoɣi la, ahiã be míaku kutri vevie hafi ate ŋu alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi, vevietɔ ne edzɔ be nɔvi aɖe dze agɔ le mía dzi. Ke ɖe wòhiã kokoko be ɣesiaɣi si wòdzɔ alea la, míate ɖe eŋu aƒo nu tso eŋua? Menye ɣesiaɣie wòhiã o. Bia ɖokuiwò be, ‘Ne mete ɖe amea ŋu be míaƒo nu tso nyaa ŋu la, ɖe esia ana ŋutifafa nanɔ anyia, alo ɖe wòagagblẽ nyaa ɖe edzia?’ Ɣeaɖewoɣi la, nu nyuitɔe nye be míaŋe aɖaba aƒu nyaa dzi alo atsɔ ake.—Lod. 19:11; Marko 11:25.
Bia ɖokuiwò be, ‘Ne mete ɖe amea ŋu be míaƒo nu tso nyaa ŋu la, ɖe esia ana ŋutifafa nanɔ anyia, alo ɖe wòagagblẽ nyaa ɖe edzi?’
Abe ale si Apostolo Paulo gblɔe ene la, mina míayi edzi ‘ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo le lɔlɔ̃ me.’ (Ef. 4:2) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nya siawo agate ŋu afia be “míaxɔ wo ale si wole.” Esia fia be míalɔ̃ ɖe edzi be nuvɔ̃mewo ko mía nɔviwo nye abe míawo ke ene; ɖeko mí katã míele agbagba dzem be ‘míado amenyenye yeye la.’ (Ef. 4:23, 24) Ke hã, mía dometɔ aɖeke mate ŋu ado amenyenye yeyea bliboe o. (Rom. 3:23) Ne míelɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi la, anɔ bɔbɔe na mí be míado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo, míayi edzi atsɔ anɔ wo kem, eye míato esia dzi ‘alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi.’
Ne míekpɔa mía kple mía nɔviwo dome nyawo gbɔ alo ŋea aɖaba ƒua agɔ siwo wodze ɖe mía dzi la dzia, esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi alé “ŋutifafa ƒe nublanu la” me ɖe asi. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nublanu” le Efesotɔwo 4:3 la ke gɔmee woɖe le Kolosetɔwo 2:19 be “lãmekawo.” Lãmekawoe léa ƒuwo kpena wòsẽna nyuie. Nenema kee ŋutifafa kple lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu mía kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli, ne woƒe nɔnɔme aɖe medzɔa dzi na mí o gɔ̃ hã.
Eya ta ne nɔvi aɖe dze agɔ le dziwò, do dziku na wò, alo wɔ nu wòve wò la, dze agbagba nàse nu gɔme nɛ; kpɔ eƒe nyuiƒewo, ke menye eƒe gbagbãƒewo ko o. (Kol. 3:12) Esi mí katã míede blibo o ta la, wò hã ànya dze agɔ le ame aɖe dzi. Ne esia le susu me na wò la, akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ wò akpa dzi ‘alé gbɔgbɔ la ƒe ɖekanyenye me ɖe asi.’