INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 December axa 14-19
  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ðokuibɔbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ðokuibɔbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YEHOWA DI BE MÍATE ÐE YE ŊU
  • YEHOWA SEA NU GƆME NA AME
  • YEHOWA GBƆA DZI ÐI
  • YEHOWA DEA ASIXƆXƆ ÐOKUIBƆBƆLAWO ŊU
  • Srɔ̃ Ale Si Yehowa Kple Yesu Bua Nuwo Ŋui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nunana Amewo Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 December axa 14-19

NUSƆSRƆ̃NYATI 50

HADZIDZI 48 Zɔ Kple Yehowa Gbe Sia Gbe

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ðokuibɔbɔ

“Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene.”—EF. 5:1.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mɔ ene siwo dzi míato asrɔ̃ Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ geɖe wu.

1. Nu ka tae wòɖe dzesi be Yehowa bɔbɔa eɖokui?

NE ÈLÉ ŋku ɖe ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu egbea la, ɖe nàgblɔ be wobɔbɔa wo ɖokuia? Ðewohĩ àgblɔ be ao. Gake Yehowa si nye Ŋusẽkatãtɔ la bɔbɔa eɖokui. (Ps. 113:​5-8) Ðokuibɔbɔ dzena le Yehowa ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me; medoa eɖokui ɖe dzi alo dana o. Le nyati sia me la, míadzro mɔ ene siwo nu Yehowa wɔa nu ɖe mía ŋu le la me, eye míakpɔ ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖee fia be ebɔbɔa eɖokui. Eyome míadzro ale si Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe ɖokuibɔbɔ hã me. Nu siawo me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míate ɖe Yehowa ŋu ahasrɔ̃ eƒe ɖokuibɔbɔ geɖe wu.

YEHOWA DI BE MÍATE ÐE YE ŊU

2. Nu kae Psalmo 62:8 fia mí tso Yehowa ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

2 Esesẽna be woate ɖe dadalawo ŋu. Dadalawo bunɛ be yewonyo wu ame bubuwo, eye womewɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie o si wɔnɛ be amewo hã metea ŋu tena ɖe wo ŋu o. Ke hã, Yehowa ya mele nenema kura o! Esi mía Fofo si le dziƒo bɔbɔa eɖokui ta la, ekpe mí be míate ɖe ye ŋu agblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo kple seselelãmewo na ye. (Xlẽ Psalmo 62:8.) Ale si ko vifofo lɔ̃ame dina be yeaɖo to ye viwo la, nenema kee Yehowa hã di vevie be yeaɖo to ye subɔlawo ƒe gbedodoɖawo. Le nyateƒe me la, ena woŋlɔ gbedodoɖa mawo tɔgbi geɖe ɖe Biblia me. Esiawo na míekpɔ ale si gbegbe wòdi be míate ɖe ye ŋu. (Yos. 10:​12-14; 1 Sam. 1:​10-18) Gake nu kae míawɔ ne vodada siwo míewɔ la na wòle sesẽm na mí be míate ɖe Yehowa ŋu?

Vifofo aɖe gbɔ dzi ɖi le to ɖom esime viaŋutsuvi le ale si wòdzɔe be seƒoƒozea gbã esime yenɔ fefem kple yeƒe yameʋuvi la gblɔm.

Ðevi aɖe gbã seƒoƒoze esime wòle fefem le xɔ me. Fofoa srɔ̃ Yehowa hebɔbɔ eɖokui le to ɖom ɖevia (Kpɔ memama 2)


3. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa di be nànɔ gbe dom ɖa na ye edziedzi?

3 Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ne míese le mía ɖokui me be melɔ̃ mí o gɔ̃ hã. Nu ka tae? Le vi nudomegblẽla ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ me la, etsɔ Yehowa sɔ kple vifofo lɔ̃ame si ƒe vi se le eɖokui me be ye fofo matsɔe ake ye agaxɔ ye ɖe ƒomea me o. Nu kae vifofoa wɔ esi via si trɔ dzi me la gbɔ? Yesu gblɔ be esi fofoa kpɔe ko la, ‘eƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.’ (Luka 15:​17-20) Yehowa le abe vifofo ma ene. Ne ese esubɔla siwo ƒe dzi gbã alo tsi dzimaɖi ƒe gbedodoɖawo ko la, ɖokuibɔbɔ ʋãnɛ wòtrɔna ɖe wo ŋu enumake. (Kony. 3:​19, 20) Yehowa ƒua du yia wo gbɔ enumake le kpɔɖeŋumɔ nu hefaa akɔ na wo. Ekana ɖe edzi na wo be yesea veve ɖe wo nu eye yelɔ̃ wo. (Yes. 57:15) Aleke Yehowa “ƒua du” vaa míawo hã gbɔ egbeae? Zi geɖe la, Yehowa wɔa esia to hamemetsitsiwo, míaƒe ƒometɔ siwo nye haxɔsetɔwo kple nɔvi bubuwo dzi. (Yak. 5:​14, 15) Yehowa toa ame siawo dzi kpena ɖe mía ŋu elabe edi be míate ɖe ye ŋu.

4. Aleke Yesu ɖee fia be yenye ame si ŋu woate ŋu ate ɖo?

4 Ale si Yesu srɔ̃ Fofoa. Yesu hã bɔbɔa eɖokui abe Fofoa ene. Esia wɔe be esime wònɔ anyigba dzi la, amewo tena ɖe eŋu bɔbɔe. Womevɔ̃na be yewoabia nyae o. (Marko 4:​10, 11) Eya ta ne Yesu bia woƒe susu le nya aɖe ŋu la, wotea ŋu gblɔa woƒe dzimenyawo faa. (Mat. 16:​13-16) Ne woda vo la, womevɔ̃na be Yesu ado dziku ɖe yewo ŋu o, elabena wonyae be efa tu, esea veve ɖe ame nu eye wògbɔa dzi ɖi. (Mat. 17:​24-27) Esi Yesu srɔ̃ Fofoa ta la, eyomedzelawo hã va nya Yehowa nyuie wu. (Yoh. 14:9) Wova kpɔe be Yehowa bɔbɔa eɖokui eye wònye ame si ŋu yewoate ŋu ate ɖo bɔbɔe. Mele abe subɔsubɔhaŋgɔnɔla dadala siwo nɔ anyi le woƒe ŋkekea me siwo daa gbe ɖe ame gbɔ, eye wometsɔa ɖeke le eme na amewo o la ene o.

5. Nu ka tae ɖokuibɔbɔ ana wòanɔ bɔbɔe na amewo be woate ɖe mía ŋu?

5 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae? Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, anɔ bɔbɔe na amewo be woate ɖe mía ŋu. Akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na nɔnɔmewo abe ŋuʋaʋã, ɖokuidodoɖedzi, kple dzikuléle ɖi ene, elabena nɔnɔme siawo ana amewo nate ɖa le mía ŋu. Gake ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míawɔ nu ɖe amewo ŋu nyuie, míagbɔ dzi ɖi eye míalɔ̃ tsɔtsɔke. Nɔnɔme siawo awɔe be amewo nate ɖe mía ŋu. (Kol. 3:​12-14) Hamemetsitsiwo adze agbagba ana wòanɔ bɔbɔe na nɔviawo be woate ɖe yewo ŋu. Be woate ŋu awɔ esia la, ele be woanɔ ha dem kple nɔviawo. Esia bia be woawɔ wo tɔ sinua anɔ kpekpeawo dem le Fiaɖuƒe Akpata me tsɔ wu be woanɔ ka dzi nɔm. Eye ne nɔnɔmea ɖe mɔ la, woawɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa kple nɔviawo. Ne nɔviawo va le hamemetsitsiawo nyam nyuie wu la, anɔ bɔbɔe na wo be woagblɔ woƒe dzimenyawo na wo.

YEHOWA SEA NU GƆME NA AME

6-7. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖewo siwo ɖee fia be Yehowa tea ŋu trɔa susu wɔa esubɔlawo ƒe didiwo dzi.

6 Dadalawo susunɛ be yewoƒe susu koe nye nyuitɔ ɣesiaɣi. Gake Yehowa ya to vovo kura. Togbɔ be enya nu siwo katã nyo na mí hã la, elɔ̃na faa ɖoa to amewo ƒe susuwo hewɔa tɔtrɔ le eƒe nyametsotso aɖewo ŋu. Bu ale si wòwɔ nu ɖe Mose nɔvinyɔnu Miriam ŋui la ŋu kpɔ. Eya kple Aron ƒo nu tsi tre ɖe Mose si nye Yehowa teƒenɔla ŋu. Eya ta ne míagblɔe la, Miriam mede bubu Yehowa ŋu o. Esia na Yehowa do dziku ɖe Miriam ŋu eye wòna anyidɔ ƒo ɖe eŋu. Gake Aron ɖe kuku ɖe eta eye Mose hã ɖe kuku na Yehowa be wòada gbe le eŋu. Nu kae Yehowa wɔ? Yehowa megbe gbidii be yematrɔ susu o. Esi Yehowa bɔbɔa eɖokui ta la, eɖo to Mose eye wòda gbe le Miriam ŋu.—4 Mose 12:​1-15.

7 Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ gadze le ale si wòwɔ nu ɖe Fia Hizkiya ŋu la me. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila dzi gblɔ na Hizkiya be ele kuku ge. Hizkiya fa avi ɖe kuku na Yehowa be wòada gbe le ye ŋu. Yehowa ɖo to Hizkiya eye wòtsɔ ƒe 15 kpe ɖe eƒe agbenɔƒewo ŋu. (2 Fia. 20:​1, 5, 6) Nyateƒee, esi Yehowa bɔbɔa eɖokui ta la, eƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu eye wòɖoa to wo.

8. Nu kae ɖee fia be Yesu sea nu gɔme? (Marko 3:​1-6)

8 Ale si Yesu srɔ̃ Fofoa. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpena ɖe amewo ŋu ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, Yesu da gbe le amewo ŋu le Sabat dzi togbɔ be ame aɖewo tsi tre ɖe eŋu hã. (Xlẽ Marko 3:​1-6.) Ale si Yesu le Kristo hamea kplɔm egbea ɖee fia be esea nu gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne hamea me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, egbɔa dzi ɖi nɛ eye wònaa mɔnukpɔkpɔe be wòawɔ tɔtrɔ.—Nyaɖ. 2:​2-5.

9. Aleke míate ŋu ato míaƒe nuŋububu kple nuwɔnawo dzi aɖee afia be míenye nugɔmeselawo? (Kpɔ fotoawo hã.)

9 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae? Ele be míabɔbɔ mía ɖokui ase nu gɔme na amewo. (Yak. 3:17) Le kpɔɖeŋu me, dzila siwo srɔ̃a Yehowa la media nu siwo wo viwo mate ŋu awɔ o la tso wo si o. Yakob ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui le ale si wòse nu gɔme na viawo me. (1 Mose 33:​12-14) Dzila siwo bɔbɔa wo ɖokui eye wosea nu gɔme la matsɔ wo viwo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo madzemadzee o. Ele be hamemetsitsiwo hã nanye ame siwo sea nu gɔme. Mɔ ɖeka aɖe si nu woawɔ esia lee nye be woalɔ̃ faa awɔ ɖe hamemetsitsi akpa gãtɔ ƒe nyametsotsowo dzi, ne metsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu o. (1 Tim. 3:​2, 3) Eye ele be mí katã míadze agbagba ase nu gɔme na mía nɔewo ne míaƒe susu to vovo le nya aɖewo ŋu gɔ̃ hã. (Rom. 14:1) Ɛ̃, ele be mí katã míadze agbagba ana ‘amewo katã nanyae be nugɔmeselawo míenye.’—Flp. 4:5.

Fotoawo: Vifofo aɖe kple viawo le tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm kple dzidzɔ. 1. Eɖo nukomo esi viaŋutsuvia le “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽ gbadzaa nam ŋutsu aɖe. 2. Emegbe eko alɔgbɔnu esi vianyɔnuvia tsɔ jw.org kadodogbalẽvia le nyɔnu aɖe nam.

Vifofo si sea nu gɔme makpɔ mɔ be ye viwo nawɔ gbeƒãɖeɖedɔa sɔsɔe o (Kpɔ memama 9)


YEHOWA GBƆA DZI ÐI

10. Mɔ kawo nue Yehowa ɖee fia le be yegbɔa dzi ɖi?

10 Ànya de dzesii be ame siwo dana la melɔ̃na be yewoagbɔ dzi ɖi alala ame bubuwo o. Dada wɔnɛ be wotsia klokloklo. Ke hã, Yehowa mele nenema kura o; egbɔa dzi ɖi wu ame sia ame! Le kpɔɖeŋu me, le Noa ƒe ŋkekea me la, Yehowa gblɔ be yealala ƒe 120 hafi atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo. (1 Mose 6:3) Esia na ɣeyiɣi Noa wòhe viawo eye eya kple eƒe ƒomea wokpa aɖakaʋua. Emegbe mawudɔla aɖe si nɔ Yehowa teƒe gbɔ dzi ɖi ɖo to esime Abraham nɔ nya biam tso Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃ ŋu. Ne dadalae wònye la, anye ne ebia Abraham be, ‘Mɔ kae nèkpɔ le nya biamem?’ Gake esi mawudɔla ma srɔ̃ Yehowa ta la, egbɔ dzi ɖi na Abraham.—1 Mose 18:​20-33.

11. Abe ale si wòdze le 2 Petro 3:9 ene la, nu ka tae Yehowa le dzi gbɔm ɖi le míaƒe ŋkekea me?

11 Yehowa kpɔtɔ le dzi gbɔm ɖi le míaƒe ŋkekea me hã. Ele lalam be ŋkeke si yeɖo be yeahe nuwuwua avɛ la nade. Nu ka tae wòle dzi gbɔm ɖi? “Elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (Xlẽ 2 Petro 3:9.) Ðe Yehowa ƒe dzigbɔɖia zu dzodzroa? Ao! Eƒe dzigbɔɖi wɔe be ame miliɔn geɖewo va te ɖe eŋu. Eye míele mɔ kpɔm be ame miliɔn geɖewo hã ava te ɖe eŋu. Ke hã, seɖoƒe li na Yehowa ƒe dzigbɔɖi. Yehowa lɔ̃ amewo, gake maɖe mɔ woanɔ nu sia nu si dze wo ŋu la wɔm o. Maɖe mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu ɖaa o.—Hab. 2:3.

12. Aleke Yesu le Yehowa ƒe dzigbɔɖi srɔ̃m?

12 Ale si Yesu srɔ̃ Fofoa. Yesu srɔ̃ dzigbɔɖi le Fofoa gbɔ ƒe akpe geɖe. Ekpɔ eteƒe esime Satana gblɔ alakpanyawo tso Yehowa kple esubɔla wɔnuteƒewo ŋu. (1 Mose 3:​4, 5; Hiob 1:11; Nyaɖ. 12:10) Ekpɔ fukpekpe kple nɔnɔme dziŋɔ siwo me amewo to la teƒe eye wòkpɔtɔ le ekpɔm va se ɖe fifia. Eya ta bu ale si gbegbe wòadi vevie be ‘yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo mee’ ŋu kpɔ! (1 Yoh. 3:8) Togbɔ be ele alea hã la, Yesu le Yehowa sinu kpɔm be wòaɖe mɔ na ye yeatu nu kple Abosam. Nu kae na wòte ŋu le dzi gbɔm ɖi? Nu ɖekae nye be Yesu bɔbɔa eɖokui. Enyae be Yehowa koe ate ŋu atso nya me le ɣeyiɣi si me wòahe nuwuwua avɛ la ŋu.—Dɔw. 1:7.

13. Aleke Yesu gbɔ dzi ɖi na eƒe apostolowo, eye nu ka tae?

13 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egbɔ dzi ɖi na eƒe apostolowo hã. Le kpɔɖeŋu me, esi apostoloawo nɔ nya hem enuenu le wo nɔewo dome ku ɖe ame si nye gãtɔ ŋu la, dzi meɖe le Yesu ƒo wòɖe kɔ ɖa le wo ŋu o. Ke boŋ eyi edzi gbɔ dzi ɖi na wo. (Luka 9:46; 22:​24-27) Eka ɖe edzi be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ðe wò hã èdaa vo ɖeka tɔgbi aɖe edziedzia? Ne nenemae la, ke ɖe menye dzidzɔ na wò be Yesu, si nye míaƒe Fia, bɔbɔa eɖokui eye wògbɔa dzi ɖi oa?

14. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanye ame siwo gbɔa dzi ɖi geɖe wu?

14 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae? Be míana míaƒe nuŋububu kple nuwɔna nasɔ kple Yehowa tɔ la, ele be míana “Kristo ƒe tamesusu” nasu mía si. (1 Kor. 2:16) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míanɔ Yesu ƒe ŋutinya siwo le Biblia me la xlẽm edziedzi. Eyome míadi ɣeyiɣi ade ŋugble le nu siwo Yesu wɔ kple susu si ta wòwɔ wo la ŋu. Eye míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míagbɔ dzi ɖi ahabɔbɔ mía ɖokui abe Yesu ene. Ne Kristo ƒe tamesusu va su mía si la, míasrɔ̃ Mawu geɖe wu eye míagbɔ dzi ɖi na mía ɖokui kple mía nɔviwo siaa.—Mat. 18:​26-30, 35.

YEHOWA DEA ASIXƆXƆ ÐOKUIBƆBƆLAWO ŊU

15. Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Yehowa dea dzesi ɖokuibɔbɔlawo. (Psalmo 138:6)

15 Xlẽ Psalmo 138:6. Bubu gãe wònye na ɖokuibɔbɔlawo be Yehowa, si nye xexea katã ƒe Dziɖulagã la, dea dzesi wo hedea asixɔxɔ wo ŋu! Bu ame tsɛ siwo ŋu Yehowa de bubui la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Ðewohĩ wò susu mayi wo dometɔ aɖewo dzi o, gake woŋlɔ woƒe ŋutinyawo ɖe Biblia me. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Mose wòŋlɔ nu tso vidzikpɔla Debora si nɔ anyi le blema la ŋu. Esubɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Isak kple Yakob ƒe aƒe me ƒe 125 sɔŋ! Yehowa kpɔ egbɔ be woŋlɔ Debora ƒe ŋutinya ɖe Biblia me, eye esia na míekpɔe be Yehowa kpakple Yakob kple eƒe ƒomea lɔ̃e vevie. (1 Mose 24:59; 35:​8, etenuŋɔŋlɔ) Ƒe alafa aɖewo megbe la, Yehowa tia David si nye alẽkplɔvi be wòanye Israel dukɔa ƒe fia. (2 Sam. 22:​1, 36) Esi wodzi Yesu megbe teti la, Mawu de bubu alẽkplɔla ɖokuibɔbɔla aɖewo ŋu hedɔ mawudɔlawo be woana woanya be wodzi Mesia la le Betlehem, du aɖe si medidi tso wo gbɔ o la me. (Luka 2:​8-11) Eye esi Yosef kple Maria tsɔ Yesu vidzĩ la yi gbedoxɔa me la, Yehowa de bubu Simeon si ku amegã kple Hana si ku nyagã ŋu hena wokpɔ Via Yesu. (Luka 2:​25-30, 36-38) Nyateƒee, kpɔɖeŋu siawo katã ɖee fia be “togbɔ be Yehowa le dzi boo hã la, edzea si ɖokuibɔbɔla”!

16. Nu kae Yesu srɔ̃ tso Fofoa gbɔ?

16 Ale si Yesu srɔ̃ Fofoa. Yesu hã dea asixɔxɔ ame tsɛwo ŋu abe Fofoa ke ene. Efia nyateƒe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la ame siwo amewo buna be wonye ‘agbalẽmanyalawo kple ame tsɛwo.’ (Dɔw. 4:13; Mat. 11:25) Azɔ hã, Yesu da gbe le dɔnɔwo ŋu, eye ale si wòwɔ nu ɖe wo ŋu na wokpɔe be ede bubu yewo ŋu helɔ̃ yewo. (Luka 5:13) Le zã mamlɛ si do ŋgɔ na eƒe ku me la, eklɔ afɔ na eƒe apostolowo, si nye dɔ si subɔviwo wɔna. (Yoh. 13:5) Hafi Yesu nayi dziƒo la, ede bubu eƒe nusrɔ̃la ɖokuibɔbɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi ŋu hede dɔ vevitɔ kekeake wo si be woakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ agbe mavɔ, eye eƒe nusrɔ̃la siwo li egbea hã le dɔ sia wɔm.—Mat. 28:​19, 20.

17. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ amewo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

17 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowae? Míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ne míelɔ̃ amewo katã ƒomevi, míegblɔa nya nyuia na wo hedea bubu wo ŋu metsɔ le afi si wotso, woƒe ŋutigbalẽ alo afi si wode suku se ɖo me o. Eye ŋutete alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ ka kee ɖasu mía si o, ele be míabu mía nɔviwo be wonye gã wu mí. Esia aɖee afia be míedea asixɔxɔ wo ŋu. (Flp. 2:3) Edzɔa dzi na Yehowa ne míebɔbɔa mía ɖokui ɖea lɔlɔ̃ fiaa mía nɔewo le mɔ siawo kple bubuwo nu.—Rom. 12:10; Zef. 3:12.

Nɔvinyɔnu eve le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu gamenɔla aɖe.

Míesrɔ̃a Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ ne míegblɔa nya nyuia na amewo katã ƒomevi (Kpɔ memama 17)a


18. Nu ka tae nèdi be yeasrɔ̃ Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ?

18 Ne míeku kutri srɔ̃ mía Fofo si le dziƒo ƒe ɖokuibɔbɔ la, anɔ bɔbɔe na amewo be woate ɖe mía ŋu, eye míase nu gɔme na wo ahagbɔ dzi ɖi na wo geɖe wu. Azɔ hã, míalɔ̃ amewo ahade bubu wo ŋu abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. Neva eme be míawɔ mía tɔ sinua asrɔ̃ mía Mawu si nye ɖokuibɔbɔla la ƒe kpɔɖeŋu be míaƒe nu nadze eŋu!—Yes. 43:4.

ALEKE ÐOKUIBƆBƆ AKPE ÐE ŊUWÒ NÀNYE . . .

  • ame si ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe?

  • nugɔmesela?

  • ame si gbɔa dzi ɖi?

HADZIDZI 159 Tsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ

a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖewo srɔ̃ Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ le gbeƒã ɖem na gamenɔlawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe