Mía Nɔvi Tsitsiwo—Miewɔa Akpa Vevi Aɖe Ŋutɔ Le Hamea Me
“Ne meɖo ŋku nu siwo gbegbe mete ŋu wɔ le nye sɔhɛ me dzi la, ewɔa nuku nam ŋutɔ. Gake fifia la, tsitsi na nyemegatea ŋu wɔa nu geɖe o.”—Connie, si xɔ ƒe 83.
Ðewohĩ wò hã mègatea ŋu wɔa geɖe fifia o le tsitsi ta. Togbɔ be èsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe hã la, ale si nɔnɔmeawo le na wò fifia ate ŋu ana nànɔ fɔ bum ɖokuiwò. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ètsɔ nu siwo nète ŋu wɔ tsã la le sɔsɔm kple esi wɔm nèle fifia. Ne alea wò nɔnɔmea le la, ke nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?
NU SI YEHOWA DI TSO ASIWÒ
Bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae Yehowa di tso asinye?’ Nya siwo le 5 Mose 6:5 ate ŋu afa akɔ na wò. Afi ma gblɔ be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ blibo lɔ̃ Yehowa wò Mawu la.”
Kpukpui ma me nyawo fia be Yehowa di be nàsubɔ ye kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo. Nya mawo akpe ɖe ŋuwò be nàgatsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo alo atsɔ nu siwo nèwɔ va yi la anɔ sɔsɔm kple esiwo wɔm nèle fifia o.
Bu nya sia ŋu kpɔ: Nu kae nète ŋu wɔ na Yehowa esime nènye sɔhɛ? Yehowa subɔla geɖewo aɖo nya sia ŋu be yewowɔ yewoƒe ŋutete katã. Anɔ eme be wò hã èwɔ wò ŋutete katã ɣemaɣi le ale si wò nɔnɔmea nɔ nu. Ke nu kae nète ŋu le wɔwɔm na Yehowa fifia? Anɔ eme be wò ŋutete katãe nye ema wɔm nèle le ale si wò nɔnɔmea le fifia nu. Ne èbua nuwo ŋu le mɔ sia nu la, àkpɔe be yegakpɔtɔ le yeƒe ŋutete katã wɔm na Yehowa abe tsã ene. Wò nu nyuitɔwoe nètsɔ na Yehowa ɣemaɣi, eye ègale wò nu nyuitɔwo tsɔm nɛ fifia hã.
Èwɔ wò ŋutete katã na Yehowa esime nènye sɔhɛ, eye nèkpɔtɔ le wò ŋutete katã wɔm le wò tsitsime hã
WÒ NUTEƑEKPƆKPƆWO ATE ŊU AÐE VI NA AME BUBUWO
Nyaa ƒe akpa bubu hãe nye esi: Le esi nànɔ nu siwo màgate ŋu awɔ fifia o ŋu bum teƒe la, tsɔ susu ɖo nu geɖe siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu la ŋu. Le nyateƒe me la, nanewo li nàte ŋu awɔ fifia le esi nènye Kristotɔ kpɔnuteƒe ta, siwo mète ŋu wɔ esime nènye sɔhɛ o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu awɔ nu siawo:
Gblɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo na amewo. Bu mawunyakpukpui siwo gbɔna me nyawo ŋu kpɔ:
Fia David: “Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo ɖo abologbe kpɔ o.”—Ps. 37:25.
Yosua: “Kpɔ ɖa, nye kuɣi ɖo, eye mienyae nyuie tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me be, nya ɖeka pɛ hã medo kpo emevava le ŋugbe nyui siwo katã Yehowa mia Mawu do na mi la me o. Wo katã va eme na mi. Wo dometɔ ɖeka pɛ hã medo kpo emevava o.”—Yos. 23:14.
Ðewohĩ wò hã ègblɔ nya mawo tɔgbi kpɔ. Nu si me Yehowa subɔla wɔnuteƒe David kple Yosua to le agbe me ye na woƒo nya ta nenema. Esi wònye be ƒe geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ su wo si ta la, woƒe nyaselawo aka ɖe nya si wogblɔ la dzi geɖe wu.
Ne ƒe geɖee nye esia nèle Yehowa subɔm la, ke wò hã àte ŋu agblɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò le ƒe mawo katã me la na amewo. Èɖo ŋku ɣeyiɣi aɖe si me Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu dzia? Ne nenemae la, ke anyo ŋutɔ be nàƒo nu tso eŋu na ame bubuwo! Abe ale si ànya de dzesii ene la, esia ado dzidzɔ na wò ŋutɔ kple wò nyaselawo siaa. Ne ègblɔ nu siwo teƒe nèkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me na amewo la, esia ade dzi ƒo na wo ale gbegbe.—Rom. 1:11, 12.
Mɔ bubu aɖe si dzi nàto ade dzi ƒo na amewoe nye be nànɔ hame ƒe kpekpewo dem le Fiaɖuƒe Akpata me ɣesiaɣi si wòanya wɔ na wò. Esia wɔwɔ ade dzi ƒo na wò ŋutɔ kple nɔviawo siaa. Connie si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Kpekpeawo dede wɔnɛ be dzi meɖena le ƒonye o. Nɔviawo ɖea lɔlɔ̃ geɖe fiaam ne mede kpekpea le Fiaɖuƒe Akpata me. Eya ta nyemate ŋu alé blanui ne mele wo dome o. Metsɔa nunana suesuesue aɖewo nyoa dɔme na nɔviawo tsɔ ɖenɛ fiana be mekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wowɔna nam la ŋu. Mewɔa tɔnye sinua dea dzi ƒo na nɔviawo eye woawo hã dea dzi ƒo nam.”
YEHOWA DEA ASIXƆXƆ NU SIWO KATÃ NÈWƆNA NƐ LA ŊU
Biblia ƒo nu tso ame aɖewo siwo ƒe nu dze Yehowa ŋu togbɔ be woƒe nɔnɔmea meɖe mɔ wowɔ geɖe o hã la ŋu. Bu Israel-vi Simeon si ku amegã esime wodzi Yesu la ŋu kpɔ. Anɔ eme be ɣesiaɣi si Simeon ayi gbedoxɔa me la, akpɔ ɖekakpuiwo woanɔ dɔ vevi aɖewo wɔm. Ke Simeon ŋutɔ ya ɖe? Ate ŋu awɔ nɛ be asixɔxɔ megale ye ŋu na Yehowa o le esi yemate ŋu awɔ dɔ siwo wɔm ɖekakpuiawo le o ta. Gake menye nenemae Yehowa ya bu Simeon o. Le Yehowa gbɔ la, Simeon nye “ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la,” eye ena mɔnukpɔkpɔe wòkpɔ Yesu vidzĩ la. Yehowa to Simeon dzi gblɔe ɖi be Yesue anye Mesia la! (Luka 2:25-35) Eme kɔ ƒãa be menye ale si Simeon gbɔdzɔ zu amegãɖeɖi ŋue Yehowa ƒe susu nɔ o, ke eƒe xɔse sẽŋu boŋ ŋue, eye wòna eƒe ‘gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ edzi.’
Yehowa yra Simeon hena mɔnukpɔkpɔ su esi wòkpɔ Yesu vidzĩ la, eye wòtsɔ gbɔgbɔ ʋãe wògblɔe ɖi be eyae ava zu Mesia la
Togbɔ be tsitsi wɔe be wò hã mègatea ŋu wɔa geɖe o hã la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ale si nèle esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe la ŋu. Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe vɔsawo ŋu “le nu si le ame si la nu, menye le nu si mele ame si o la nu o.”—2 Kor. 8:12.
Le esia ta la, tsɔ susu ɖo nu si nàte ŋu awɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnu kawo mee nàte ŋu akpɔ gome le ne ɣeyiɣi kpui aɖe koe nàte ŋu awɔe hã? Ðe nàte ŋu ayɔ nɔviwo le fon dzi alo aŋlɔ nya ʋɛ aɖewo ɖe agbalẽ dzi aɖo ɖe wo atsɔ ade dzi ƒo na woa? Nu suesuesue siwo nàwɔ atsɔ aɖee afia nɔviawo be yelɔ̃ wo la ade dzi ƒo na wo ŋutɔ, vevietɔ esi wonya be èle Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia.
Togbɔ be ŋusẽ boo megale ŋuwò o hã la, àte ŋu atsɔ wò nu nyuitɔwo ana Yehowa ahase vivi na gbeƒãɖeɖedɔa. Bu nuteƒekpɔkpɔ si tso Ɣedzeƒe Afrika si dze le aɖaka si nye “Ezã Biblia Tsɔ Xɔe Ðe Agbe” la ŋu kpɔ.
Ðo ŋku edzi be ƒe geɖe siwo nètsɔ subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la dea dzi ƒo na amewo ale gbegbe. Wò dzidodo nye kpɔɖeŋu na wo. Ka ɖe edzi be ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta, esi nèsubɔ ame kɔkɔewo, eye nègale edzi le wo subɔm la be o.’—Heb. 6:10.
NƆ KPEKPEM ÐE AMEWO ŊU ALE SI NÀTE ŊUI
Numekuku ɖee fia be ame tsitsi siwo kpena ɖe amewo ŋu la nɔa lãmesẽ me wu, wobua nuwo ŋu nyuie wu, eye wonɔa agbe didi wu.
Enye nyateƒe be nyuiwɔwɔ na amewo maɖe wò tsitsimekuxiwo katã ɖa o. Ne Mawu Fiaɖuƒea va ɖe nu vɔ̃ si ƒe dome míenyi si nana míetsina hekuna ɖa ko hafi tsitsimekuxiwo katã nu ayi.—Rom. 5:12.
Fifia gɔ̃ hã la, ne èwɔa nu siwo Yehowa di tso asiwò eye nèyi edzi le kpekpem ɖe amewo ŋu be woava dze sii la, wò mɔkpɔkpɔ me agasẽ ɖe edzi eye esia ade wò lãmesẽ dzi gɔ̃ hã. Mía nɔvi lɔlɔ̃a siwo tsi le ƒe me, míeɖe kuku mika ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ nu siwo miewɔna nɛ la ŋu ŋutɔ, eye nɔviwo hã dea dzesi xɔse si mieɖena fiana hekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ale gbegbe.