Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do le ƒe sia me la beléletɔea? Ekema, kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:
Nu kae ʋãa mí be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Yehowa?
Míetsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa elabe míedea bubu gã eŋu eye míelɔ̃e vevie. Azɔ hã míedi be ame bubuwo nava nya nu tso eya amea ŋu.—w25.01, axa 3.
Ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsɔ akee?
Mele be míaɖe susu ɖa vevesesea dzi ko evɔ o; ele be míawɔ nane tso eŋu. Ne míeɖe asi le dziku ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be míaganɔ nu si dzɔa ŋu bum fũu akpa o.—w25.02, axa 15-16.
Nu ka tae nusrɔ̃la Marko nye kpɔɖeŋu nyui na nɔviŋutsu sɔhɛwo?
Marko lɔ̃ faa subɔ amewo. Togbɔ be nɔnɔme aɖe do mo ɖa si anya te ɖe Marko dzi vevie hã la, meɖe ta le dɔa te o. Ede ha kplikplikpli kple Paulo kpakple Kristotɔ tsitsi wɔnuteƒe bubuwo.—w25.04, axa 27.
Nu kae Yesu wɔnɛ esi wòdo gbe ɖa be: “Mena wonya wò ŋkɔ la”? (Yohanes 17:26)
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nya Mawu ƒe ŋkɔa xoxo. Gake ekpe ɖe wo ŋu wova nya Mawu si ƒomevi Yehowa nye, eƒe tameɖoɖowo, eƒe dɔwɔnawo, kple eƒe nɔnɔme lédzinamewo.—w25.05, axa 20-21.
Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, nu ka dzie míalɔ̃ ɖo?
Míalɔ̃ ɖe edzi be nu geɖe li siwo míenya o. Le kpɔɖeŋu me, míenya ɣeyiɣi si nuwuwua ava alo ale si tututu Yehowa awɔ nui o. Míenya nu si adzɔ etsɔ o, eye míate ŋu ase ale si gbegbe Yehowa nya míi gɔme bliboe o.—w25.06, axa 16-18.
Aleke míawɔ be nyatiwo alo dutoƒonuƒowo naɖe vi na mí?
Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Kpeɖodzinya kae wozã be woatsɔ akpe ɖe amewo ŋu woaka ɖe Biblia me nyateƒea dzi? Ðe wowɔ kpɔɖeŋu aɖe si nye hã mate ŋu azã? Ame kawoe atsɔ ɖe le nya sia me?’—w25.07, axa 19.
Nu kae míesrɔ̃ tso Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu le ale si wòwɔ nu ɖe David ŋu me?
David wɔ nu vɔ̃ gãwo, gake esi wòtrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ la, Yehowa tsɔe kee. (1 Fia. 9:4, 5) Ne Mawu tsɔ ke la, megahea to na amea ɖe nu vɔ̃ ma ke ta o, eye megahea susu yia edzi le etsɔme hã o.—w25.08, axa 17.
Ne ele sesẽm na Biblia nusrɔ̃vi be wòase nane gɔme la, nu kae nàwɔ?
Ne èzã Biblia tsɔ ɖe eme nyuie gake wògale sesẽm nɛ be wòase egɔme la, ke miɖe asi le akpa ma ŋu miayi nusɔsrɔ̃a dzi; emegbe miawɔ ɖoɖo ava dzro eme.—w25.09, axa 24.
Biblia ƒo nu tso “nu vɔ̃ ƒe amebleŋusẽ” ŋu. (Heb. 3:13) Nu kae nya ma fia?
Nu vɔ̃ si dome míenyi ate ŋu akplɔ mí ade nu gbegblẽ wɔwɔ me. Ate ŋu awɔe hã be míava nɔ esusum be Yehowa melɔ̃ mí o.—w25.10, axa 16.
Nu etɔ̃ kawoe ana míaƒe gbedodoɖa nanyo eye mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wu?
(1) De ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu. (2) Bu kuxi siwo me tom nèle fifia ŋu eye nàgblɔe na Yehowa; ɖewohĩ ame aɖe dze agɔ le dziwò wòle be nàtsɔ ake. (3) Do gbe ɖa wòadidi vie wu. Esia ana nàgblɔ wò seselelãmewo katã na Yehowa.—w25.10, axa 19-20.
Nu kawoe míawɔ atsɔ akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu?
Anyo be míanɔ nɔvi tsitsiwo yɔm ahanɔ wo srãm kpɔ edziedzi. Míate ŋu anɔ wo ŋu ne woyina kɔdzi. Alo míawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovowo kpli wo ɖekae.—w25.11, axa 6-7.
Nu vevi kawoe ana Kristotɔ ƒe srɔ̃kpekpe nade bubu Yehowa ŋu?
Miwɔ ɖe dziɖuɖua ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋua dzi. Mikpɔ egbɔ be nu siwo katã ayi edzi le srɔ̃kpekpea kple srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea naɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse afia. Midzra ɖo le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me eye miaƒo asa na kɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. Miɖo dze tso ɖoɖoawo ŋu nyuie.—w25.12, axa 21-24.