MARCH 30–APRIL 5, 2026
HADZIDZI 76 Ðe Dzi Medzɔa Wò Oa?
Gblɔ Biblia Me Nyateƒea Wòadze To
“Yehowa, nyateƒe Mawu.”—PS. 31:5.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míagblɔ Biblia me nyateƒea wòaɖe vi na amewo geɖe wu.
1. Nu kae wòle be míawɔ be míanye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ?
“ALEKE nèwɔ va ke ɖe nyateƒea ŋu?” Nya sia tɔgbie míebiana zi geɖe ne míedo go Yehowa subɔla aɖe zi gbãtɔ. Ame aɖewo ɖoa eŋu be yewo dzilawoe “he yewo le nyateƒea me.” Bubuwo hã gblɔna be nyitsɔ laa koe “yewoxɔ nyateƒea.” Míeɖoa nya sia ŋu le mɔ siawo nu elabena míenana Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ bliboa dzi. Nu ka tae? Elabe míenya be hafi míate ŋu anye Yehowa ƒe ƒomea me tɔ la, ele be míalɔ̃ nyateƒea eye míanɔ agbe ɖe enu. Esia bia be míato nyateƒe le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me.—Ps. 15:1-3.
2. (a) Nu kae ame geɖe nya tso Yesu ŋu? (b) Aleke amewo wɔ nu ɖe nyateƒe si Yesu fia tso Mawu ŋu la ŋui?
2 Yesu gblɔa nyateƒea ɣesiaɣi. Ame siwo melɔ̃ Yesu ƒe nya o gɔ̃ hã gblɔ tso eŋu be ato nyateƒe ne nya si wòagblɔ madzɔ dzi na amewo o hã. (Mat. 22:16) Yesu na eyomedzelawo nya ale si amewo awɔ nu ɖe nyateƒe si yefiana la ŋu. Egblɔ be: “Meva viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa, lɔ̃xoyɔvi kple lɔ̃xoa dome ma ge.” (Mat. 10:35) Menye ɖe Yesu di be amewo natsi tre ɖe nyateƒe si ye kple ye yomedzelawo fiana ŋu o, ke boŋ enya be nenemae ame aɖewo awɔ nui. (Mat. 23:37) Enya be nyateƒea ama amewo ɖe hatsotso eve me; ɖewo alɔ̃ Biblia me nyateƒea, eye ɖewo hã alé fui.—2 Tes. 2:9-11.
3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
3 Míawo hã míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yesu aɖi anukware ahagblɔ nyateƒea ɣesiaɣi, togbɔ be esia ana ame aɖewo malɔ̃ míaƒe nya o gɔ̃ hã. Eye míeɖea gbeƒã hefiaa Biblia me nyateƒea amewo togbɔ be ame aɖewo doa dziku ɖe mía ŋu le eta hã. Ðe esia fia be míanɔ nya nyuia gblɔm ko, eye mehiã be míabu ale si míagblɔe kple ɣeyiɣi si míagblɔe ŋu oa? Ao, mefia nenema kura o! Le nyati sia me la, míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye: Afi kae míakpɔ nyateƒea le? Eyome míaɖo biabia siawo hã ŋu: Nu kae wòle be wòaʋã mí míagblɔ nyateƒea? Aleke wòle be míagblɔ nyateƒeae? Eye ɣekaɣie wòasɔ be míagblɔ nyateƒea? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu be ale si míefiaa nyateƒea naganyo ɖe edzi. Awɔe be míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me, eye míanya ɣeyiɣi nyuitɔ si míaƒo nu.
AFI KAE MÍAKPƆ NYATEƑEA LE?
4. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa gbɔe nyateƒe dzɔ tso?
4 Yehowa gbɔe nyateƒe dzɔ tso. Nya sia nya si wògblɔ nye nyateƒe. Le kpɔɖeŋu me, nya siwo wògblɔ tso nyui kple vɔ̃ ŋu nye nyateƒe. (Ps. 19:9; 119:142, 151) Nu sia nu si wògblɔ be adzɔ la dzɔna godoo. (Yes. 55:10, 11) Medaa eƒe ŋugbedodowo dzi gbeɖe o. (4 Mose 23:19) Nya lae nye be, Yehowa mate ŋu aka aʋatso o! (Heb. 6:18) Eya ta mewɔ nuku o be Biblia gblɔ be Yehowa nye “nyateƒe Mawu.”—Ps. 31:5.
5. Nu ka tae mesesẽ be míake ɖe “nyateƒe Mawu” la ŋu o? Ðe eme. (Dɔwɔwɔwo 17:27)
5 Ame aɖewo susu be manya wɔ be míanya Yehowa, si nye “nyateƒe Mawu” la o. Gake woda ƒu. Nu geɖewo ƒo xlã mí siwo ɖo kpe edzi be eli ŋutɔŋutɔ. (Rom. 1:20) Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom na Helatɔ siwo nye agbalẽnyalagãwo le Atene la, egblɔ be Mawu di be ‘míake ɖe ye ŋu,’ eye be ‘mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ o.’ (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:27.) Le nyateƒe me la, Yehowa hea ɖokuibɔbɔla siwo le nyateƒea dim la vaa eɖokui gbɔ.—Yoh. 6:44.
6. Nyateƒenya kawoe le Biblia me, eye nu ka tae wòdzɔa dzi na wò be nènya nyateƒe mawo?
6 Biblia sɔsrɔ̃ nye mɔ siwo dzi míato ake ɖe Yehowa ŋu dometɔ ɖeka. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔeae ʋã amewo woŋlɔ Biblia la. (2 Pet. 1:20, 21) Eya ta nu sia nu si le eme la nye nyateƒe, eye míate ŋu aka ɖe edzi bliboe. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu aka ɖe nya si Biblia gblɔ tso ale si xexe gbahooa wɔ va dzɔ, kple ale si agbe dze egɔme le anyigba dzi ŋu la dzi. (1 Mose 1:1, 26) Míate ŋu aka ɖe nya si wògblɔ tso nu si tae míenye nuvɔ̃mewo kple susu si tae fukpekpe kple ku xɔ aƒe ɖe xexea me dzi. (Rom. 5:12; 6:23) Biblia gblɔ be Yehowa ato Via dzi aɖɔ nu siwo katã Satana, si nye “aʋatsokafofo” gblẽ la ɖo, eye míeka ɖe esia hã dzi bliboe. (Yoh. 8:44; Rom. 16:20) Míesrɔ̃e le Biblia me hã be Yesu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, ana anyigba nazu paradiso, eye wòakpe ɖe mía ŋu míade blibo. Esia hã nye nyateƒe si dzi míeka ɖo. (Yoh. 11:25, 26; 1 Yoh. 3:8) Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi Yehowa na mí! Ena míeva nya nyateƒea, eye wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míafia nyateƒea ame bubuwo.—Mat. 28:19, 20.
NU SI ƲÃA MÍ MÍEGBLƆA NYATEƑEA
7-8. Ðe nu si ʋãa mí míegblɔa nyateƒea le veviea? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Marko 3:11, 12) (Kpɔ fotoawo hã.)
7 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ne míedi be míanye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo la, ke ele be míagblɔ nyateƒea ɣesiaɣi. Ke hã, be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ehiã be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu nyateƒetoto dzaa ko. Nu si ʋãa mí míegblɔa nyateƒea le vevie ŋutɔ na Yehowa. Bu nane si dzɔ esime Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi ŋu kpɔ. (Xlẽ Marko 3:11, 12.) Gbe ɖeka esi Yesu nɔ gbeƒã ɖem le teƒe aɖe si te ɖe Galilea Ƒua ŋu la, ame gbogbo aɖewo va ƒo ƒu ɖe eŋu. Ame aɖewo nɔ amehaa dome, siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ. Wova dze klo ɖe Yesu ŋkume henɔ ɣli dom be: “Wòe nye Mawu ƒe Vi la.” Susu ka tae gbɔgbɔ vɔ̃ mawo gblɔ nyateƒenya sia tso Yesu ŋu? Anɔ eme be woƒe taɖodzinue nye be yewoana ameha si le to ɖom la naka ɖe yewo dzi ale be yewoato esia dzi ate woƒe dzi ɖa le Yehowa subɔsubɔ ŋu. Nya si gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ nye nyateƒe, gake susu vɔ̃e wotsɔ gblɔe. Woƒe nuwɔna meflu Yesu alo dze eŋu o. Le nyateƒe me la, Yesu gbee na gbɔgbɔ vɔ̃ mawo enumake be woagaɖe gbeƒã tso ye ŋu o.
8 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me? Eyae nye be, nu si ʋãa mí míegblɔa nyateƒea le vevie na Yehowa. Eya ta ele vevie ŋutɔ be míana lɔlɔ̃ na Yehowa naʋã mí míafia nyateƒea amewo ahatsɔ eŋuti kafukafua ana eya amea!—Mat. 5:16; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 14:12-15.
Nu kae ʋãa wò nèfiaa nyateƒea, eye ame kae nètsɔa eŋuti kafukafua nana? (Kpɔ memama 7-8)
9. Nu kae mele be míawɔ o, eye nu ka tae?
9 Bu nɔnɔme bubu aɖe si ŋu wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo ale be míagadi bubu na mía ɖokui o ŋu kpɔ. Tsɔe be hamemetsitsi aɖe ka ɖe dziwò hegblɔ nya ɣaɣla aɖe na wò, eye wò hã nèyi ɖagblɔe na ame bubuwo. Ne ame siwo nègblɔ nyaa na va nya be nyateƒee nyaa nye la, ate ŋu awɔ nuku na wo eye woasusui be menye ame tsɛe nènye kura o, elabe ènya nya ɣaɣla geɖe. Esia ate ŋu ana woabu wò ame vevii, gake mana wò nu nadze Yehowa ŋu o. (Lod. 11:13) Nu ka tae? Togbɔ be nya si nègblɔ na amewo nye nyateƒe hã la, mesɔ kura be nèʋu go nya ɣaɣla o, eye susu si nètsɔ gblɔe hã mesɔ o.
ALE SI WÒLE BE MÍAGBLƆ NYATEƑEA
10. Nu kae wòfia be ‘míaƒe nyawo nadze to’? (Kolosetɔwo 4:6)
10 Xlẽ Kolosetɔwo 4:6. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Kolose be woana woƒe ‘nyawo nadze to ɣesiaɣi.’ Nu kae nya sia fia? Helagbe me nya si gɔme woɖe le afi sia fia be ele be míaƒe nyawo naɖe vi na amewo. Gake menye ema ɖeɖe ko o. Ele be wòanya se, eye míagblɔe le lɔlɔ̃ me.
11-12. Nu ka tae wòle be míalé ŋku ɖe ale si míefiaa nyateƒeae ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoawo hã.)
11 Ne míele nyateƒea fiam amewo la, ele be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo dzi, ana míaƒe nyawo nadze to. Biblia ŋutɔ tsɔ nyateƒea sɔ kple yi ɖaɖɛ si ate ŋu ama luʋɔ kple gbɔgbɔ me. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ate ŋu aɖe míaƒe seselelãmewo kple nu si ʋãa mí míewɔa nui ɖe go. (Heb. 4:12) Gake ne míezãa Biblia aɖaŋutɔe o la, míava nɔ amewo nu ɖiam dzodzro, eye wòahe dzre vɛ. Aleke esia ate ŋu adzɔe?
12 Kpɔ nudzɔdzɔ sia ɖa le susu me: Tsɔe be èle gbeƒã ɖem eye nèdo go ŋutsu aɖe si doa gbe ɖa na nɔnɔmewɔwɔwo, eye wòlɔ̃a Kristmas kple Easter ɖuɖu kple eƒe ƒomea. Nu kae nàwɔ? Ðe nàxlẽ mawunyakpukpuiwo atsɔ aɖee afiae be nunya mele eme be woasubɔ nane si me agbe mele o, eye be trɔ̃subɔlawo ƒe azãwoe Kristmas kple Easter nyea? (Yes. 44:14-20; 2 Kor. 6:14-17) Ne èwɔe alea zi gbãtɔ si nèdo go amea, ele eme be nyateƒea koe nye ema nègblɔ nɛ ya, gake mèzã Mawu ƒe Nya la aɖaŋutɔe kura o.
Aleke nàte ŋu afia nyateƒea aɖaŋutɔe? (Kpɔ memama 11-12)a
13. Aleke míana dze nanɔ míaƒe nyawo me?
13 Paulo ɖo aɖaŋu hã be míana dze nanɔ míaƒe nyawo me. Eƒe nyawo mefia be míade ba mo na nyateƒea alo aɣlae o. Be ‘dze nanɔ’ míaƒe nyawo me ne míele nyateƒea fiam la, ele be míagblɔe wòadzro amewo eye wòavivi wo nu. (Hiob 12:11) Esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, le nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ gome la, ate ŋu awɔ na mí be nu si vivia mía nu avivi ame bubuwo hã nu nenema ke. Nenema kee míate ŋu asusui be ale si míeƒoa nui la nya sena na ame sia ame. Gake mele nenema kura o. Le kpɔɖeŋu me, le teƒe aɖewo la, amewo yia nyaa gbɔ tẽe ne wole woƒe susuwo gblɔm, ne ame si tsi wu woe wole nu ƒom na gɔ̃ hã. Gake le teƒe bubuwo la, nuƒoƒo nenema masɔ tome na amewo o, eye wòave dɔme na wo gɔ̃ hã. Paulo gblɔ be ele be míanya ale si ‘míaɖo nya ŋu na ame sia ame.’ Esia fia be míatrɔ asi le míaƒe nyawo ŋu wòasɔ to me na ame siwo le to ɖom mí, ke menye esi asɔ to me na míawo ŋutɔwo o.
ƔEYIƔI SI WÒASƆ BE MÍAGBLƆ NYATEƑEA
14. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ɖe wòdze agbagba be yeafia nu siwo katã yenya la yeƒe nusrɔ̃lawoa? Ðe eme.
14 Ɣesiaɣi si Yesu ƒo nu na eyomedzelawo la, ezã nya siwo dze to, eye wòkɔ dzi me fia nu geɖe wo. (Marko 6:34) Ke hã, nu geɖe kpɔtɔ li wòhiã be eyomedzelawo nasrɔ̃. Yesu medze agbagba be yeafia nu sia nu si yenya la wo o. Enya afi si woƒe ŋutete se ɖo. Eye enyae hã be menye ɣeyiɣi nyuitɔe nye ema si wòle be woanya nyateƒenya aɖewo o. Egblɔ na wo gɔ̃ hã be nyateƒenya aɖewo li si manya tsɔ na wo fifia o. (Yoh. 16:12) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me?
15. Ðe wòle be míafia nu siwo katã míenya la míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo zi ɖekaa? Ðe eme. (Lododowo 25:11) (Kpɔ fotoa hã.)
15 Yesu ƒe kpɔɖeŋua na míekpɔe be mele be míafia nyateƒe siwo katã míenya la amewo zi ɖeka o. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? Ele be míabu amewo ƒe nɔnɔmewo ŋu. Gabu ŋutsu ma si kple eƒe ƒomea kpɔa dzidzɔ ɖe Kristmas kple Easter ɖuɖu ŋu la ŋu kpɔ. Míenya be trɔ̃subɔsubɔ mee azã mawo dzɔ tso, eye Mawu meda asi ɖe wo dzi o. Gake tsɔe be èdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ŋutsua kwasiɖa ɖeka alo eve do ŋgɔ na Kristmas ɖuɣia. Ðe wòanye ameŋububu ne ètsɔ nya si Biblia gblɔ tso azã siwo dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me fiae hele mɔ kpɔm be wòadzudzɔ Kristmas ɖuɖu enumakea? Ele eme be nusrɔ̃vi aɖewo ate ŋu awɔ ɖe nu si wosrɔ̃ le Biblia me dzi enumake adzudzɔ eɖuɖu. Gake exɔa ɣeyiɣi hafi ame bubuwo tea ŋu wɔa asitɔtrɔ le woƒe nuŋububu kple nuwɔnawo ŋu. Le esia ta la, nu si míawɔ atsɔ akpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woawɔ tɔtrɔ siwo hiãe nye be míafia nu si wòhiã be woanya la wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ɣeyiɣi nyuitɔ lae nye ɣeyiɣi si me woate ŋu atsɔe.—Xlẽ Lododowo 25:11.
Srɔ̃ Yesu nànya nu siwo wòhiã be nàfia amewo kple ɣeyiɣi nyuitɔ si nàfia wo (Kpɔ memama 15)
16. Aleke míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be ‘woayi edzi azɔ le nyateƒea me’?
16 Nu siwo nana míekpɔa dzidzɔ wu le agbe me dometɔ ɖekae nye be míakpe ɖe amewo ŋu woanya nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu. Be míakpe ɖe wo ŋu ‘woayi edzi azɔ le nyateƒea me’ la, ele be: Gbã, míayi edzi aɖo kpɔɖeŋu nyui na wo. (3 Yoh. 3, 4) Evelia, míakpɔ egbɔ be ale si míenɔa agbee ɖenɛ fiana be míeka ɖe ŋugbe siwo Mawu do le eƒe Nyaa me dzi. Etɔ̃lia, míatsɔ susu nyui agblɔ nyateƒea na amewo. Enelia, míaƒo nu tufafatɔe ahazã nya siwo dze to kple nya siwo ɖe ameŋububu fia, eye míagblɔ nyateƒea le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Azɔ hã, ele be míatsɔ kafukafua katã ana Yehowa. Ne èwɔe alea la, ke àɖee afia be èle Yehowa, nyateƒe Mawu la, subɔm.
HADZIDZI 160 “Nya Nyui”!
a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le foto gbãtɔ me la, esi nɔvi aɖe kpɔ Kristmas-ti le ŋutsu aɖe ƒe aƒe me la, etsɔ nyati aɖe si ɖee fia be trɔ̃subɔsubɔ mee Kristmas dzɔ tso la le ŋutsua fiam. Le foto evelia me la, nɔviŋutsua tsɔ nyati aɖe si ŋu wotrɔ asi le na vifofowo la le ŋutsua fiam. Mɔnu eve siawo dometɔ kae aɖe vi wu?