INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 12/15 axa 15-16
  • Da Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Da Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ta
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • DƆMENYONYO ƑE KPƆÐEŊU NYUITƆ
  • “Dɔ La Lolo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Woayra Ame Si Nyoa Dɔme”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Afi Kae Yehowa Ðasefowo Kpɔa Ga Le Tsɔ Kpɔa Woƒe Dɔa Dzi?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Woƒe Nu Siwo Gbɔ Edzi La Kpɔ Hiahiã Aɖe Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 12/15 axa 15-16
Nyɔnu aɖe le gaɖegbalẽvi zãm tsɔ le ga dzɔm

Da Akpe Ðe Yehowa Ƒe Nunanawo Ta

YEHOWA nye Mawu dɔmenyotɔ. (Yakobo 1:17) Nu siwo katã wòwɔ le xexea me la ɖo kpe esia dzi. Ewɔ ɣletivi gbogbo manyaxlẽwo ɖe dziƒo eye wòwɔ nu miemie dzeani hamehamewo ɖe anyigba la dzi.—Psalmo 65:12, 13; 147:7, 8; 148:3, 4.

Psalmo 104 ŋlɔlaa kpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo katã Yehowa wɔ ŋu eye wòkpa ha tsɔ kafui heda akpe nɛ. Ne èxlẽ psalmo ma la, ɖe wò hã nèdaa akpe na Mawu abe hakpalaa enea? Egblɔ be: “Madzi ha na Yehowa le nye agbe me katã; madzi kafukafuha na nye Mawu zi ale si mele agbe.” (Psalmo 104:33) Wò hã èwɔa esia?

DƆMENYONYO ƑE KPƆÐEŊU NYUITƆ

Yehowa di be míasrɔ̃ yeƒe dɔmenyonyo. Eye wògblɔ susu vevi si tae la na mí. Eƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be: “Xlɔ̃ nu ame siwo nye kesinɔtɔwo le fifi nuɖoanyi sia me be, woagado wo ɖokuiwo ɖe dzi o, eye woagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aziɔ ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu, ame si naa nuwo katã mí fũu be wòado dzidzɔ na mí la ŋu. Gblɔ na wo be woawɔ nyui, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me, woaʋu asi me, . . . ale be woadzra kesinɔnu ɖo ɖi dedie na wo ɖokuiwo, wòanye gɔmeɖoanyi nyui na etsɔ si gbɔna, be woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.”—1 Timoteo 6:17-19.

Le agbalẽ evelia si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, eƒo nu tso nu si wòle be wòaʋã mí míana nu ŋu. Egblɔ be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.” (2 Korintotɔwo 9:7) Ne míena nu ame la, ame kae wòɖea vi na? Paulo gblɔ be eɖea vi na amewo elabe míekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, gake ‘nudonavila megbea asi ɖuɖɔ o,’ eya ta Yehowa yraa míawo hã ɖe eta.—2 Korintotɔwo 9:11-14.

Eyome Paulo he susu yi Mawu ƒe dɔmenyo gãtɔ dzi esi wògblɔ be: “Woada akpe na Mawu le eƒe nunana faa si wu gbɔgblɔ la ta.” (2 Korintotɔwo 9:15) Yehowa ƒe “nunana faa” la ƒe ɖewoe nye nu nyui siwo katã wɔm wòle na mí to Yesu Kristo dzi. Nya aɖeke meli míatsɔ aɖɔ asixɔxɔ si gbegbe le nunana sia ŋu wòade edeƒe o.

Aleke míaɖee afia be míedaa akpe ɖe nu nyui siwo katã wɔm Yehowa kple Yesu le na mí ta? Míewɔa esia ne míezãa míaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, ga kple nunɔamesiwo le Yehowa subɔsubɔ me, eye míekpena ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso eyama ŋu. Míate ŋu anyo dɔme alea míeɖanye kesinɔtɔwo loo alo ame dahewo o.—1 Kronika 22:14; 29:3-5; Luka 21:1-4.

Nudzɔdzɔ Hena Xexea Me Katã Ƒe Dɔa

Ɣleti sia ɣleti la, hameawo ɖoa nudzɔdzɔ siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Àte ŋu aɖo wò lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana, Attention Accounts Department, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana alo atsɔe ade habɔbɔa ƒe gadzraɖoƒe siwo gbɔna la tẽe: Watch Tower, Barclays Bank, Accra High Street Branch, Account number 048/2746365 alo Watch Tower, Ghana Commercial Bank, Accra High Street Branch, Account number 1011130008990 alo aɖoe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me.

Àte ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ siwo gbɔna la hã ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔa me.

NUDZƆDZƆ

  • Ne èdi be yeaɖo gaxɔgbalẽvi ɖe adrɛs si le etame la, ke ŋlɔ “Watch Tower” la ŋɔŋlɔ eve.

  • Àte ŋu aɖo sikanuwo alo nu xɔasi bubuwo hã ɖa.Ne èɖo nu siawo tɔgbi ɖa la, anyo be nàŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe wo ŋu atsɔ aɖe eme be wonye nunana siwo yetsɔ ke keŋkeŋ.

NUNANA SIWO NUNALAA AGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

  • Àte ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ sia nu na Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana be wòanɔ zazãm hena xexea me katã ƒe dɔa. Gake ne ègahiã gaa la, woagatrɔe ana wò. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ, zã adrɛs si le etame nàtsɔ aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Accounts Department alo nàzã kaƒodzesi si gbɔna atsɔ aƒo ka na wo: (030) 2712456.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga kple nu siwo woatsɔ ake keŋkeŋ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me katã ƒe Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexe: Àte ŋu atia Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Àte ŋu awɔ ɖoɖo le mia gbɔ gadzraɖoƒewo ƒe sewo nu atsɔ ga si nèdzra ɖo ɖe gadzraɖoƒe, alo ga si nèda ɖe gadzraɖoƒe si adzi ɖe edzi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo wò dzudzɔxɔledɔmega ade Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana ƒe ŋkɔ me esime nègakpɔtɔ le agbe alo be woaxe ga siawo na habɔbɔ sia le wò ku megbe.

Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo: Àte ŋu atsɔ ga siawo ana Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana.

Aƒewo, Dɔwɔxɔwo, Kple Anyigbawo: Àte ŋu atsɔ aƒe, dɔwɔxɔ, alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu nèɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nèlee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi na wò be nànɔ eme le wò agbenɔɣi. Ne èdi be yeawɔ nunaɖoɖo sia la, ke bia numekɔkɔ tso alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me gbɔ hafi nàwɔe.

Domenyinuwo: Àte ŋu awɔ domenyinumagbalẽ le setɔwo gbɔ be yeƒe nunɔamesi alo ga nazu Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana tɔ le yeƒe ku megbe.

Abe ale si nyagbɔgblɔ “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” ƒe gɔmesese ɖee fia ene la, ehiã be nunalaa nawɔ ɖoɖo aɖe koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu.

Ne èdi be yeado alɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi alo nèdi be yeaxɔ numekɔkɔ tso mɔnu vovovo siwo ŋu míeƒo nu tsoe le afi sia ŋu la, àte ŋu azã adrɛs si le ete atsɔ aŋlɔ agbalẽ na Accounts Department loo alo aƒo ka na wo.

ACCOUNTS DEPARTMENT

Watch Tower Bible and Tract Society of Ghana

P. O. Box GP 760

Accra

Kaƒodzesi: (030) 2712456

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe