Thomas Jackson/Stone via Getty Images
NƆ ŊUDZƆ!
Mɔkpɔkpɔ Ate Ŋu Asu Asiwò Le Ƒe 2024 Me—Nya Kae Biblia Gblɔ?
Ame geɖe kpɔe be ame aɖeke mate ŋu awɔ naneke tso kuxi siwo me amegbetɔwo ato le ƒe 2024 me la ŋu o. Gake mɔkpɔkpɔ li. Afi kae mɔkpɔkpɔ sia tso?
Biblia na mɔkpɔkpɔ mí
Biblia do ŋugbe be Mawu aɖe kuxi siwo katã na mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí le agbe me la ɖa. Madidi o, Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le [míaƒe] ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe etsɔme ŋu la, xlẽ nyati si nye “Mɔkpɔkpɔ Li—Nuwo Ava Nyo Le Etsɔme.” Ele yevugbe me.
Ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò fifia
Biblia do ŋugbe geɖe ku ɖe nu nyui siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu siwo ana dzi naɖo ƒowò nàkpɔe be nuwo ava nyo. (Romatɔwo 15:13) Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe kuxi siwo me tom nèle fifia la nu. Kuxi siawo ate ŋu anye ahedada, dɔléle, kple numadzɔmadzɔ siwo wowɔna ɖe ŋuwò.
Kpɔ ale si Biblia ƒe ŋugbedodowo kpe ɖe ŋutsu aɖe ŋu eƒe dzi dze eme eye wòkpɔa dzidzɔ togbɔ be nu mede eƒe ƒomea dzi tso eƒe ɖevime o hã ɖa. Kpɔ video si nye Juan Pablo Zermeño: Yehowa Na Taɖodzinu Vavã Va Le Nye Agbe Ŋu Fifia.
Kpɔ ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èlé blanui, ètsi dzimaɖi, wò ame aɖe ku alo nane si nèwɔ vayi na nu te ɖe dziwò. Xlẽ nyati si nye “Ne Agbea Wu Tsɔtsɔ Na Wò?”
Kpɔ ale si Biblia na mɔkpɔkpɔ nyɔnu aɖe si wɔ asrafodɔ tsã la ɖa. Nyɔnu sia ɖɔ eɖokui be yenye “tagbɔsesẽtɔ malɔ̃ame” tsã. Kpɔ video si nye Medo Le Asrafodɔ Me.
Wɔ nu siwo ana nuwo nanyo na wò kple wò ƒomea le ƒe 2024 me. Srɔ̃ nu geɖe tso ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia ŋu. Te míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa kpɔ. Àkpɔ ale si Mawu ate ŋu ana “ŋutifafa” wò fifia eye wòana ‘mɔkpɔkpɔ wò nàka ɖe edzi be nuwo ava nyo le etsɔme.’—Yeremiya 29:11.