INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mrt nyati 111
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nukliaʋa Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nukliaʋa Ŋu?
  • Nyati Bubuwo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Biblia gblɔe ɖi be nukliaʋa adzɔa?
  • Ðe Mawu aɖe mɔ nukliaʋa nadzɔa?
  • Ðe nukliaʋa atsrɔ̃ míaƒe anyigba la?
  • Aleke nàwɔ anɔ te ɖe vɔvɔ̃ be nukliaʋa adzɔ nu?
  • Ðe Biblia gblɔe ɖi be Armagedon anye nukliaʋa?
  • Nu kae Biblia gblɔ be eyae aɖe aʋawɔwɔ ɖa?
  • Nukliaʋa—Amekawoe Le Ŋɔdzia Dom?
    Nyɔ!—2004
  • Nuklia ƒe Ŋɔdzidonamea—Mewu Enu Kura Haɖe O
    Nyɔ!—1999
  • Nuklia Ƒe Ŋɔdzidonamea Wu Enu Nyateƒea?
    Nyɔ!—1999
  • Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyati Bubuwo
mrt nyati 111
Nuklia bɔmb aɖe wó eye eƒe dzudzɔ tu kɔtɔɔ.

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nukliaʋa Ŋu?

Ale si xexea me dziɖuɖu sesẽwo le aʋawɔnu klitsuwo wɔm la na wòdze ƒãa be nukliaʋa ate ŋu adzɔ bɔbɔe. Amewo tsi dzi vevie be zi ale si wole nukliaʋawɔnu yeyewo wɔm la, zi nenemae wòle bɔbɔe be nukliaʋa nadzɔ. Amewo vɔ̃na gɔ̃ hã be ne woda nukliabɔmb sue ɖeka pɛ hã la, ate ŋu ana nukliaʋa nadzɔ agblẽ nu le xexe bliboa ŋu. Agbalẽ aɖe gblɔ be, míele ɣeyiɣi si “nukliaʋa ate ŋu adzɔ bɔbɔe” me.—Bulletin of the Atomic Scientists.

Ðe nukliaʋa ate ŋu adzɔa? Ne edzɔ la, ɖe wòana míaƒe anyigba natsrɔ̃a? Aleke míawɔ anɔ te ɖe vɔvɔ̃ be nukliaʋa ate ŋu adzɔ la nu? Nya kae Biblia gblɔ?

Nyati sia aɖo biabia siawo ŋu

  • Ðe Biblia gblɔe ɖi be nukliaʋa adzɔa?

  • Ðe Mawu aɖe mɔ nukliaʋa nadzɔa?

  • Ðe nukliaʋa atsrɔ̃ míaƒe anyigba la?

  • Aleke nàwɔ anɔ te ɖe vɔvɔ̃ be nukliaʋa adzɔ nu?

  • Ðe Biblia gblɔe ɖi be Armagedon anye nukliaʋa?

  • Nu kae Biblia gblɔ be eyae aɖe aʋawɔwɔ ɖa?

  • Ðe Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso nukliaʋa ŋua?

Ðe Biblia gblɔe ɖi be nukliaʋa adzɔa?

Biblia meƒo nu tso nukliaʋa ŋu o. Ke hã egblɔ nudzɔdzɔ kple amewo ƒe nɔnɔme siwo ate ŋu ana be nukliaʋa nadzɔ bɔbɔe la ŋu nya ɖi.

Bu mawunyakpukpui siwo gbɔna kple nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ŋu kpɔ:

Mawunyakpukpuia: Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Nu kae anye wò anyinɔɣi kple nuɖoanyia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi?” Yesu ɖo eŋu be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu.”—Mateo 24:3, 7.

Xexemenudzɔdzɔwo: Dukɔwo, vevietɔ esiwo si nukliaʋawɔnuwo le la, va le aʋa wɔm kple wo nɔewo fifia wu tsã.

“Ʋunyaʋunyawɔwɔ va do agbogbo ɖe edzi le ƒe siwo va yi me: nudzɔdzɔ siwo he masɔmasɔwo vɛ la dzi ɖe edzi.”—The Armed Conflict Location & Event Data Project.

Mawunyakpukpuia: “Le nuwuɣi la, anyiehefia akpe [kple dziehefia], eye woanɔ wo nɔewo tutum.”—Daniel 11:40.

Xexemenudzɔdzɔwo: Dukɔ siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kple dukɔ bubu siwo de wo dzi la le wo nɔewo tutum, alo le ho ʋlim kple wo nɔewo, ale be yewoakpɔ ŋusẽ geɖe wu, abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene. Togbɔ be dukɔ siwo si nukliaʋawɔnu sesẽwo le la mele ezãm tsɔ le aʋa kpem kple wo nɔewo egbea o hã la, woyi edzi le nukliaʋawɔnu siwo kli tsu wu la wɔm.

“Le ƒe ewo siwo va yi me la, aʋawɔwɔ geɖe yi edzi le dukɔwo dome, eye le wo dometɔ aɖewo me la, xexemedziɖuɖu sesẽ aɖewo de akpa ɖeka dzi eye bubuwo hã de akpa kemɛa dzi.”—The Uppsala Conflict Data Program.

Mawunyakpukpuia: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo.”—2 Timoteo 3:1-3.

Xexemenudzɔdzɔwo: Abe ale si ko amewo wɔa nu egbea ene la, xexemedziɖulawo hã melɔ̃na ɖe wo nɔewo ƒe susuwo dzi ɣesiaɣi o. Gake le esi teƒe be woakpɔ nyawo gbɔ le ŋutifafa me la, wodoa ŋɔdzi na wo nɔewo boŋ eye wowɔa nu akpasesẽtɔe. Ale si wowɔa nui ate ŋu ana nukliaʋa nafe ati.

“Ne wometo mɔ aɖeke dzi kpɔ egbɔ be dukɔwo wɔa nu aduadu kple wo nɔewo o la, ɖeko aʋa dziŋɔwo agado gã ɖe edzi.”—S. Saran Kple J. Harman, World Economic Forum.

Ðe Mawu aɖe mɔ nukliaʋa nadzɔa?

Biblia megblɔe o. Gake egblɔ be “nu dovoɖinamewo” adzɔ le míaƒe ŋkekea me. (Luka 21:11) Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye atɔmikbɔmb siwo woda le Xexemeʋa Evelia me. Biblia gblɔ susu si tae Mawu ɖe mɔ aʋawɔwɔ li. Be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?

Ðe nukliaʋa atsrɔ̃ míaƒe anyigba la?

Ao. Ne amegbetɔwo agazã nukliaʋawɔnuwo hã la, Mawu maɖe mɔ woƒe nuwɔna sia nana xexe bliboa natsrɔ̃ o. Menye ɖeko Biblia gblɔ be naneke matsrɔ̃ míaƒe anyigbaa o, ke boŋ egblɔ hã be amegbetɔwo anɔ edzi tegbee.

“Anyigba [la] li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

‘Mawu vavã la, si nye Anyigba la Mèla kple Ewɔla la, mewɔe dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.’—Yesaya 45:18.

Ame aɖewo susunɛ be ɣeaɖeɣi ava la, nukliaʋa agblẽ nu le anyigbaa ŋu ale gbegbe be amegbetɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ ɖe edzi eye agbenɔnɔ asesẽ na wo. Ke hã, Biblia na míenya be Mawu aɖɔ nu siwo katã aʋawɔwɔ gblẽ le anyigba ŋu la ɖo keŋkeŋ.

“Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

Amewo le dɔ wɔm eye wole dzidzɔ kpɔm ɖekae le paradiso me le anyigba dzi.

Mawu di be míakpɔ dzidzɔ le anyigba si nya kpɔ ŋutɔ la dzi

Mía Wɔlaa trɔ asi le anyigba ŋu ale gbegbe be ate ŋu aɖɔ eɖokui ɖo. Azɔ hã, Mawu azã eƒe ŋusẽ atsɔ aɖɔ anyigbaa ɖo wòazu yeye, eye wòanye afi si amegbetɔwo anɔ tegbee.—Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 21:5.

Aleke nàwɔ anɔ te ɖe vɔvɔ̃ be nukliaʋa adzɔ nu?

Ame aɖewo vɔ̃na be nukliaʋa adzɔ eye agblẽ nu eteƒe makɔ o. Biblia ƒe ŋugbedodowo kple aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu be woaɖu vɔvɔ̃ dzi. Le mɔ ka nu?

Biblia gblɔ etsɔme nyui aɖe ŋu nya ɖi ku ɖe anyigbaa kple ame siwo le edzi ŋu. Ŋugbedodo sia le abe “seke ene na míaƒe luʋɔwo,” eye nusɔsrɔ̃ tso eŋu akpe ɖe mía ŋu míagatsi dzi fũu o. (Hebritɔwo 6:19) Míate ŋu aɖe míaƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ ne míebua egbetɔ ko ŋu, eye míetsia dzi ɖe nu siwo míesusu be woava dzɔ le etsɔme ŋu fũu o. Yesu gblɔ be, “ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe kuxiwo sɔ gbɔ nɛ.”—Mateo 6:34.

Le nyateƒe me la, ele vevie be mí katã míawɔ nu siwo ana míaƒe susu nadze akɔ anyi eye míaɖe dzi ɖi. Míate ŋu awɔ esia ne míeƒoa asa na nyatakaka siwo ana míatsi dzimaɖi, le kpɔɖeŋu me, numedzodzro siwo ku ɖe nukliaʋawɔnuwo ŋu, amewo ƒe susu le eŋu, kple nu si amewo le gbɔgblɔm be ava dzɔ le etsɔme. Asaƒoƒo na nu siawo mefia be míetsɔ ɖeke le nu siwo le edzi yim la me o. Ke boŋ, ɖeko míele agbagba dzem be míaganɔ nu siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke le o, eye ɖewohĩ womava eme hã o la ŋu bum fũu o.

“Nuxaxa le dzi me ɖe wòtea ame ƒe dzi ɖe anyi, ke nya nyui nana dzi kpɔa dzidzɔ.”—Lododowo 12:25.

Tsɔ susu ɖo nu nyui siwo le dzɔdzɔm le wò agbe me ŋu ale be nàdzudzɔ nya vɔ̃wo ŋu bubu.

“Mawu si naa mɔkpɔkpɔ la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã ayɔ mi fũu le esi miexɔ edzi se ta.”—Romatɔwo 15:13.

Foto vovovoawo: Ŋutsu aɖe le ŋgɔ kpɔm tẽe. 1. Aʋa le dzɔdzɔm le emegbe, asrafowo ƒe aʋawɔyameʋu aɖe le yame eye nuklia bɔmb aɖe wó. 2. Anyigba dzeani aɖe si dzi tomefafa le la le ŋutsua ŋgɔ, eye towo, abɔ dzeaniwo, tɔsisiwo kple xeviwo le afi ma.

Biblia na etsɔmemɔkpɔkpɔ nyui aɖe si ŋu kakaɖedzi le la mí

Ne èsrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu la, esia ana mɔkpɔkpɔ nasu asiwò, nàkpɔ dzidzɔ eye nàɖe dzi ɖi.

Ðe Biblia gblɔe ɖi be Armagedon anye nukliaʋa?

Ame aɖewo susuna be Armagedon anye nukliaʋa si adzɔ le xexea me katã. Eye wobua ale si gbegbe aʋa sia agblẽ nui ŋu.

Ke hã, Biblia zã nya “Armagedon” na aʋa si ayi edzi le “anyigba blibo la dzi fiawo,” alo amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, kple Mawu dome.a(Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Armagedon-ʋa matsrɔ̃ ame ɖe sia ɖe ko le anyigba dzi, abe ale si wòanɔ ne woda nukliabɔmb ene o. Ke boŋ le Armagedon-ʋa me la, Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ko, eye esia ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ naxɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi.—Psalmo 37:9, 10; Yesaya 32:17, 18; Mateo 6:10.

Nu kae Biblia gblɔ be eyae aɖe aʋawɔwɔ ɖa?

“Etsia aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.”—Psalmo 46:9.

Yehowab Mawu azã eƒe ŋusẽ atsɔ atsi dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo nu eye wòagblẽ woƒe aʋawɔnuwo dome. Awɔ esia to eƒe Fiaɖuƒe, si nye dziƒodziɖuɖu aɖe si ava xɔ ɖe amegbetɔ dziɖuɖuwo katã teƒe la dzi.—Daniel 2:44.

Mawu Fiaɖuƒea afia amewo ale si woanɔ anyi le ŋutifafa kple dziɖeɖi me. Esi wònye dziɖuɖu ɖeka koe aɖu anyigba bliboa dzi ta la, dukɔwo magatsi tre ɖe wo nɔewo ŋu azɔ o; amewo magasrɔ̃ ale si woawɔ aʋa gɔ̃ hã azɔ o! (Mika 4:1-3) Nu kae esia ahe vɛ? “Wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mika 4:4.

a Kpɔ nyati si nye “Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?”

b Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”

Ðe Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ƒo nu tso nukliaʋa ŋua?

Ame aɖewo susui be Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso nukliaʋa kple nu siwo wòagblẽ ŋu. (Nyaɖeɖefia 6:14; 8:7-12; 16:1-21) Le kpɔɖeŋu me, egblɔ ale si ‘dzo gɔ̃ hã age tso dziƒo ava dze anyigba dzi.’ (Nyaɖeɖefia 13:11-13) Yehowa Ðasefowo se egɔme be esia mefia be woazã nukliaʋawɔnuwo atsɔ awɔ aʋa le anyigba bliboa dzi o, ke boŋ eku ɖe atɔmikbɔmb siwo woda le Xexemeʋa Evelia me ŋu.

Togbɔ be Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo me wozã nukliaʋawɔnuwo le ŋu hã la, menye taɖodzinuae nye be wòaɖɔ nu dziŋɔ siawo tsitotsito o. Ne èle Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa xlẽm la, ɖo ŋku edzi be:

  • Wozã dzesi geɖewo le eme, eye mele be míase wo gɔme be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o.—Nyaɖeɖefia 1:1.

  • Menye agbalẽa ƒe taɖodzinuae nye be wòado vɔvɔ na exlẽlawo o. Ke boŋ emenyawo nana ame siwo se egɔme eye wowɔa edzi la kpɔa dzidzɔ.—Nyaɖeɖefia 1:3.

Be nàsrɔ̃ nu bubuwo kpee la, kpɔ nyati si nye “Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Aleke Nàwɔ Ase Egɔme?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe