Ale Si Dunyahehe Ma Amewo Dome—Biblia Me Nyagblɔɖie Wònye
Egbea, dunyahehe ma amewo dome ale gbegbe. Ne dziɖuɖua de se siwo ka amewo tẽe siwo wokpɔ be made yewo dzi o la, wohena nya le se siawo ŋu vevie. Dukɔa ƒe sewɔlawo kple dziɖuɖumegã bubuwo ƒe susu mewɔa ɖeka zi geɖe o, eye ame sia ame tea tɔ ɖe eƒe susu dzi. Nu siawo wɔnɛ be dunyawo va hena tikãa ŋutɔ eye wòsesẽna na dziɖuɖua be wòawɔ eƒe dɔwo.
Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye ale si dunyahehe de mama amewo dome le Amerika kple Britain. Nu ka tae esia nye kpɔɖeŋu ɖedzesi? Elabe Biblia gblɔe ɖi be nɔnɔmeawo anɔ alea le dukɔ eve siawo me va se ɖe esime dziɖuɖu si Mawu ɖo anyi le dziƒo la nava trɔ nuwo le anyigba dzi kura.
Ale si dunyahehe ade mama amewo dome le “ŋkekeawo ƒe nuwuɣi”
Biblia gblɔ nya wɔnuku aɖe ɖi si dze le Daniel ƒe agbalẽa me. Le nyagblɔɖi ma me la, Mawu ɖe “nu siwo ava dzɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi la fia.” Ŋkekeawo ƒe nuwuɣi ma fia etsɔme, esime nu ɖedzesiwo anɔ dzɔdzɔm le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me.—Daniel 2:28.
Mawu ɖe Biblia me nyagblɔɖi sia fia Babilon-fia le drɔ̃e me. Le drɔ̃ea me la, fia la kpɔ legba gã aɖe si wotsɔ sika, klosalo kple ganu bubuwo wɔ. Emegbe nyagblɔɖila Daniel ɖe drɔ̃ea me na fia la be legbaa ƒe ta va ɖo eƒe afɔbayawo le tsi tre ɖi na xexemedziɖuɖu vovovo siwo akpɔ ŋusẽ ŋutɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me gake woava gbã emegbe.a Mlɔeba la, kpe aɖe si le tsitre ɖi na Fiaɖuƒe alo dziɖuɖu si Mawu ɖo la ava gbã legba la gudugudu.—Daniel 2:36-45.
Le nyagblɔɖia nu la, Mawu Fiaɖuƒea ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. Fiaɖuƒe sia kee Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia, esi wògblɔ be: “Wò Fiaɖuƒe nava.”—Mateo 6:10.
Gake nyagblɔɖia ƒe akpa kae ɖee fia be dunyahehe ade mama amewo dome? De dzesii be “gayibɔ kple tsu tsaka” ye wotsɔ wɔ legbaa ƒe afɔbayawo. (Daniel 2:33) Afɔbayawo koe tsaka alea, elabe legbaa ƒe akpa bubuwo katã ya nye ganu sɔŋ. Esia ɖee fia be xexemedziɖuɖuawo dometɔ ɖeka ato vovo na susɔeawo katã. Le mɔ ka nu? Daniel ƒe nyagblɔɖia ɖe eme ale:
Le nyagblɔɖia nu la, dunyahehewo awɔe be ɖekawɔwɔ manɔ xexemedziɖuɖu si legbaa ƒe afɔbayawo le tsi tre ɖi na la dome o. Ame siwo le xexemedziɖuɖu sia te la awɔ nu siwo ana wòasesẽ be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ dziɖuɖu sia ŋu.
Daniel ƒe nyagblɔɖia le eme vam egbea
Legbaa ƒe afɔbayawo le tsitre ɖi na dziɖuɖu si kpɔ ŋusẽ wu le xexea me egbea, si nye Amerika kple Britain ƒo ƒu. Aleke nu siwo le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea me la ɖo kpe esia dzi?
Legbaa ƒe afɔbayawo nye “gayibɔ kple tsu tsaka,” eye esia wɔe be ŋusẽ mele afɔbayawo ŋu o. (Daniel 2:42) Egbea, ale si Amerika kple Britain dukɔmeviwo dome ma la wɔe be dziɖuɖu siawo mete ŋu le woƒe ŋusẽ ŋu dɔ wɔm ale si wodii o. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ eve siawo me la, dukɔmeviwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu. Amewo ʋlia nu siwo wodze na le se nu la ta adãtɔe. Zi geɖe la, dziɖuɖumegã siwo dukɔmeviwo tia la ƒe susuwo mete ŋu wɔa ɖeka ale be woawɔ dɔ aduadu o. Esi mama le dukɔmeviwo dome ŋutɔ le dukɔ eve siawo me ta la, esesẽna na dziɖuɖu siawo ɣeaɖewoɣi be woawɔ nu siwo woɖo be yewoawɔ.
Wogblɔ dziɖuɖuwo ŋu nya ɖi le Daniel ta 2
Mina míagasrɔ̃ nu geɖe tso nu si Daniel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa aɖewo fia ŋu kple ale si wole eme vam egbea:
Nyagblɔɖi: “Fiaɖuƒe la ama, ke gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme.”—Daniel 2:41.
Nu si wòfia: Togbɔ be dunyahehe de mama Amerika kple Britain dukɔmeviwo dome hã la, aʋawɔlawo kple aʋawɔnu sesẽwo le dukɔ eve siawo si. Le esia ta la, wotea ŋu wɔa nu siwo kpɔa ŋusẽ ɖe xexe bliboa dzi le gayibɔ ƒe sesẽa ta.
Ale si wòle eme vam
Esi wobu akɔnta kpɔ dukɔ siwo zã ga gbogbotɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋu le ƒe 2023 me la, wokpɔe be ga si Amerika kple Britain ɖeɖe zã la sɔ gbɔ sãsãsã wu dukɔ 12 siwo kplɔ wo ɖo la katã tɔ ƒo ƒu.—Stockholm International Peace Research Institute.
“Ale si Amerika kple Britain wɔ ɖeka kpɔa woƒe dukɔwo ta la . . . nye kadodo si me sẽ wu, si ɖeke mesɔ kple o eye woawo sie aɖaŋu kple mɔ̃ siwo de ŋgɔ wu la le. . . . Míewɔa dɔ ɖekae, míekpena ɖe mía nɔewo ŋu eye míewɔa aʋa ɖekae.”—Strategic Command, U.K. Ministry of Defence, April 2024.
Nyagblɔɖi: “Ale si afɔbidɛawo ƒe akpa aɖewo nye gayibɔ kple tsu tsaka la, nenemae fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asesẽ, eye eƒe akpa aɖe masesẽ o.”—Daniel 2:42.
Nu si wòfia: Togbɔ be Amerika kple Britain sẽ ŋu le aʋawɔnyawo me hã la, womete ŋu wɔa nu sia nu si wodi be woawɔ o le woƒe demokrasi dziɖuɖua ta. Ne ame akpa gãtɔ meda asi ɖe edzi o la, esesẽna na dziɖuɖu siawo be woawɔ nu siwo woɖo.
Ale si wòle eme vam
“Ame siwo nya nu tso dunyahehewo ŋu la dometɔ aɖewo gblɔ be ale si mama le Amerika dziɖuɖua me la na wòle sesẽm na Amerika be wòawɔ nu siwo wòƒo adegbe na xexea be yeate ŋu awɔ le dedienɔnɔ, asitsanyawo kple nya bubuwo me.”—“The Wall Street Journal.”
“Ale si dunyahehe na nyaʋiʋli ɖo Britain dziɖuɖua me la nye esi tɔgbi medzɔ kpɔ o, eye esia na be dziɖuɖua ƒe dɔwɔlawob mete ŋu le dɔ siwo aɖe vi na dukɔmeviwo la wɔm o.”—Institute for Government.
Nyagblɔɖi: “[Fiaɖuƒea atsaka] kple ame tsɛwo; ke womalé ɖe wo nɔewo ŋu o.”—Daniel 2:43, etenuŋɔŋlɔ.
Nu si wòfia: Le demokrasi dziɖuɖuwo me la, ame tsɛwo alo dukɔmeviwo daa akɔ alo dea nu dunyawo me, gake menye ɣesiaɣie nu siawo me tsonuwo dea dziɖuɖumegãwo alo akɔdalawo dzi o.
Ale si wòle eme vam
“Egbea la, Amerikatɔ geɖe megabua susu nyui aɖeke ɖe dunyawo kple dunyahelawo ŋu o.”—Pew Research Center.
“Egbea la, Britaintɔwo megaka ɖe woƒe dziɖuɖua kple dunyahelawo dzi abe ale si woka ɖe wo dzi le ƒe 50 siwo va yi me ene o.”—“National Centre for Social Research.”
Ale si Daniel ƒe nyagblɔɖia ava eme le etsɔme
Le Daniel ƒe nyagblɔɖia nu la, Amerika kple Britain ƒo ƒu ye anye xexemedziɖuɖu si si ŋusẽ anɔ wu hafi Mawu Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe.—Daniel 2:44.
Le nyagblɔɖi bubu aɖe si hã ƒo nu tso nuwuɣia ŋu me la, Biblia gblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be woaƒo “anyigba blibo la dzi fiawo” nu ƒu be woawɔ Armagedon-ʋa kple Yehowac Mawu. Woɖɔ aʋa ma be “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:19-21) Le aʋa sia me la, Yehowa atsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã eye esia awɔe be xexemedziɖuɖu siwo legba si le Daniel ƒe nyagblɔɖia me le tsi tre ɖi na la nu ayi keŋkeŋ.
Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe kpee la, xlẽ nyati si nye “Nu Kae Nye Armagedon-ʋa La?”
Daniel ƒe nyagblɔɖia ate ŋu aɖe vi na wò
Biblia gblɔ ale si dunyahehe ana amewo dome nama le Amerika kple Britain la ŋu nya ɖi wòde pɛpɛpɛ, eye ne èsrɔ̃ nu tso nyagblɔɖi sia ŋu la ana nàgase nu siwo le edzi yim le xexea me egbea gɔme nyuie wu.
Àva se nu si tae Yesu medi be ye yomedzelawo nade akpa aɖe dzi le xexe sia ƒe dunyahehewo me o la gɔme. (Yohanes 17:16) Eye àva kpɔ nu si tae Yesu, ame si Mawu tia be wòanye yeƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia la, gblɔ be: “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.”—Yohanes 18:36.
Dzi aɖo ƒowò elabe èva nya be ɣeyiɣi si Mawu Fiaɖuƒea ava ɖɔ nuwo ɖo la gogo, eye Fiaɖuƒe ma ahe yayra geɖe vɛ na ameƒomea abe ale si Mawu do ŋugbee ene.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Ànɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖe, eye màgatsi dzi be nyaʋiʋli si le dukɔwo dome la agblẽ nu le xexe bliboa ŋu o.—Psalmo 37:11, 29.
Daniel ƒe nyagblɔɖia na míekpɔe be Amerika kple Britain ƒe dziɖuɖu ƒo ƒu, si legbaa ƒe afɔbayawo le tsi tre ɖi na la ye anye xexemeŋusẽ mamlɛtɔ si aɖu amegbetɔwo dzi. Ne woɖe xexemedziɖuɖu sia ɖa vɔ la, Mawu Fiaɖuƒea, si nye dziɖuɖu deblibo ye aɖu amegbetɔwo dzi tso dziƒo!
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si Mawu Fiaɖuƒea ava wɔ na amegbetɔwo ŋu la, kpɔ video si nye Nu Kae Nye Mawu Fiaɖuƒe La?
a Kpɔ aɖaka si nye “Xexemedziɖuɖu Kawo Ŋue Daniel Ƒe Nyagblɔɖia Ƒo Nu Tsoe?”
b Dziɖuɖua ƒe dɔwɔlawoe nye “ame siwo katã dziɖuɖu aɖe xɔ be woawɔ dudɔ na ye.”—Merriam-Webster’s Unabridged Dictionary.
c Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”