INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 41
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ʋudodo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ʋudodo Ŋu?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Agbe kple Ʋu—Èbua Wo Abe Nu Kɔkɔewo Enea?
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • De Asixɔxɔ Si Dze Wò Nunana Si Nye Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 41

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ʋudodo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia de se be mímegano ʋu alo ana wòage ɖe lã me na mí o. Eya ta mele be míalɔ̃ azã ʋu ŋutɔ alo ʋumenu veviwo le mɔ aɖeke nu o, eɖanye ɖe wotsɔ wo wɔ nuɖuɖui alo ɖe wobe woadoe na mí o. De dzesi mawunyakpukpui siwo gbɔna:

  • 1 Mose 9:4. Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Mawu ɖe mɔ na Noa kple eƒe ƒomea be woate ŋu aɖu lãwo hã azɔ, gake ede se na wo be womegaɖu ʋu o. Mawu gblɔ na Noa be: “Ðeko migaɖu lã si me ʋu, si nye eƒe agbe la, tsi o.” (Eʋegbe Biblia, ƒe 2010 tɔ) Sedede sia bla amegbetɔƒomea katã tso ɣemaɣi dzi, elabe wo katã wonye Noa ƒe dzidzimeviwo.

  • 3 Mose 17:14. “Migaɖu lã aɖeke ƒe ʋu o, elabena lãwo ƒe ʋu enye woƒe agbe. Ame sia ame, si aɖui la, woatsrɔ̃e ɖa.” Mawu bua agbe la be ele ʋua me, eya ta enye ye tɔ. Togbɔ be Israel-viwo koe wode se sia na le afi sia hã la, eɖe ale si gbegbe se si Mawu de ku ɖe ʋuɖuɖu ŋu la le vevie nɛ la fia.

  • Dɔwɔwɔwo 15:20. ‘Mitsri ʋu.’ Mawu de se si wòde na Noa la ke na Kristotɔwo hã. Ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖo kpe edzi be Kristotɔ gbãtɔwo gbe be yewomaɖu ʋu alo azãe le atikewɔwɔ me gɔ̃ hã o.

Nu ka tae Mawu de se na mí be míatsri ʋu?

Atikeŋutinunyalawo ƒe numekukuwo ɖo kpe edzi be ele be woaƒo asa na ʋudodo. Gake susu vevitɔe nye be Mawue de se be míatsri ʋu, elabe nu si ʋu le tsitre ɖi na la nye nu kɔkɔe nɛ.—3 Mose 17:11; Kolosetɔwo 1:20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe