INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 46
  • Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Susu totro bubu siwo le amewo si ku ɖe Abosam ŋu
  • Abosam—Menye Ðe Wokpa Eŋuti Nya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Tsi Tre Ðe Abosam Ŋu, Ekema Asi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 46

Ðe Abosam Li Ŋutɔŋutɔa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ɛ̃, Abosam li ŋutɔŋutɔ. Eyae nye “xexea dzi ɖula,” si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu gbɔgbɔ vɔ̃ɖi hedze aglã ɖe Mawu ŋu. (Yohanes 14:30; Efesotɔwo 6:11, 12) Biblia yɔ ŋkɔ siwo gbɔna tsɔ ɖɔ Abosam ƒe amenyenye:

  • Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.”​—Hiob 1:6.

  • Abosam, si gɔmee nye “Amegɔmezɔla.”​—Nyaɖeɖefia 12:9.

  • Da la, si Biblia zã wòfia “Ameblela.”​—2 Korintotɔwo 11:3.

  • Tela.​—Mateo 4:3.

  • Aʋatsokala.​—Yohanes 8:44.

Menye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe nɔnɔme aɖee wònye o

Ame aɖewo susunɛ be Satana Abosam nye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe nɔnɔme aɖe si le mía me. Ke hã, Biblia ƒo nu tso dzeɖoɖo aɖe si yi edzi le Mawu kple Satana dome la ŋu. Esi Mawu de blibo ta la, mate ŋu adzɔ be wòanɔ dze ɖom kple nu vɔ̃ɖi aɖe si nɔ eya ŋutɔ me o. (5 Mose 32:4; Hiob 2:1-6) Abosam te Yesu hã kpɔ togbɔ be nu vɔ̃ menɔ eŋu o hã. (Mateo 4:8-10; 1 Yohanes 3:5) Eya ta Biblia fia mí be Abosam li ŋutɔŋutɔ ke menye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ƒe nɔnɔme aɖe si le mía me ye wònye o.

Ðe wòle be wòawɔ nuku na mí be ame geɖe mexɔe se be Abosam li ŋutɔŋutɔ oa? Kura o, elabe Biblia gblɔ be Satana toa amebeble dzi ɖoa eƒe taɖodzinuwo gbɔ. (2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10) Eƒe ayemɔ gãtɔwo dometɔ ɖekae nye be yeaflu amewo woaxɔe ase be yemeli ŋutɔŋutɔ o.​—2 Korintotɔwo 4:4.

Susu totro bubu siwo le amewo si ku ɖe Abosam ŋu

Susu Totro: Abosam ƒe ŋkɔ bubue nye Lucifer.

Nyateƒea: Woɖea Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le Biblia aɖewo me be “Lucifer” gɔme be “ame si le keklẽm.” (Yesaya 14:12) Nu si ŋu wonɔ nu ƒom tsoe hafi yɔ ŋkɔ sia ɖee fia be Babilontɔwo ƒe fiaƒome si Mawu abɔbɔ ɖe anyi le esi wòdo eɖokui ɖe dzi ta la ŋue nya sia ku ɖo. (Yesaya 14:4, 13-20) Eya ta nyagbɔgblɔ “ame si le keklẽm” la nye alɔmeɖenya si wogblɔ ɖe Babilon fiaƒomea ŋu esi wòmu vɔ megbe.

Susu Totro: Satana wɔa dɔ na Mawu abe amewo ƒe “ʋɔnudrɔ̃la” ene.

Nyateƒea: Mawu ƒe futɔe Abosam nye, ke menye esubɔla o. Satana Abosam tsia tsitre ɖe ame siwo subɔa Mawu ŋu eye wòtsoa wo nu alakpatɔe.​—1 Petro 5:8; Nyaɖeɖefia 12:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe