INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 52
  • Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nukae Naa Gɔmesese Vavãtɔ Nɔa Agbe Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 52

Tameɖoɖo Kae Le Agbea Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Woate ŋu abia nya siwo ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋu le mɔ vovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, Nu ka tae míele anyigba dzi afi sia ɖo? alo Ðe tameɖoɖo aɖe le nye agbe ŋua? Biblia ɖee fia be nu si tae míele agbe ɖoe nye be míana xɔlɔ̃kadodo nanɔ mí kple Mawu dome. Bu nyateƒenya vevi siwo Biblia ɖe ɖe go la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

  • Mawue nye mía Wɔla. Biblia gblɔ be: “[Mawue] wɔ mí, eye etɔ míenye.”—Psalmo 100:3; Nyaɖeɖefia 4:11.

  • Mawu ɖo ta me ɖe nu sia nu si wòwɔ la ŋu, eye mí amegbetɔwo hã míele eme.—Yesaya 45:18.

  • Mawu wɔ mí be didi nanɔ mía me ɖe “gbɔgbɔmenuwo” ŋu, eye esiawo dometɔ aɖewoe nye didi be míanya tameɖoɖo si le míaƒe agbe ŋu. (Mateo 5:3) Edi be míaɖi kɔ na didi sia.—Psalmo 145:16.

  • Míeɖia kɔ na didi sia ne míena xɔlɔ̃kadodo va le mía kple Mawu dome. Togbɔ be gbɔgblɔ be xɔlɔ̃kadodo nanɔ mía kple Mawu dome adze nu si manya wɔ o na ame aɖewo hã la, Biblia de dzi ƒo na mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8; 2:23.

  • Be míanye Mawu xɔlɔ̃ la, ele be míaƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Biblia ƒo nu tso tameɖoɖo sia ŋu le Nyagblɔla 12:13. Egblɔ be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!”—Nyagblɔla 12:13.

  • Le etsɔme la, ne Mawu ɖe fukpekpe ɖa eye wòna agbe mavɔ exɔlɔ̃wo, siwo nye ame siwo subɔnɛ la, ekema ta me si wòɖo ɖe mía ŋu le gɔmedzedzea me la ava eme bliboe.—Psalmo 37:10, 11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe