INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 91
  • Nu Ka Tae Tsɔtsiwo Sɔ Gbɔ Alea Gbegbe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Tsɔtsiwo Sɔ Gbɔ Alea Gbegbe?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Etsɔme Kae Li Na Kristotɔnyenye?
    Nyɔ!—2007
  • Ðe Kristotɔnyenye Do Kpo Nua?
    Nyɔ!—2007
  • Amekawoe Nye Kristotɔ Akuakuawo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ðe Wòle Be Nàku Subɔsubɔha Bubuwo Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 91
Kristo-ha vovovowo ƒe tsɔtsixɔwo

Nu Ka Tae Tsɔtsiwo Sɔ Gbɔ Alea Gbegbe?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Amewo zã Yesu ƒe nufiafiawo tsɔ ɖo tsɔtsi geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Gake Biblia ɖee fia be Kristo-ha vavã ɖeka koe li. Na míakpɔ susu etɔ̃ siwo tae míeƒo nya ta alea la ɖa.

  1. Yesu gblɔ be yefiaa “nyateƒe la,” eye Kristotɔ gbãtɔwo yɔa woƒe subɔsubɔha be “nyateƒe la.” (Yohanes 8:32; 2 Petro 2:2; 2 Yohanes 4; 3 Yohanes 3) Nyagbɔgblɔ sia ɖee fia be ame siwo ƒe nufiafia mewɔ ɖeka kple Yesu ƒe nufiafiawo o la menye Kristotɔ vavãwo o.

  2. Biblia gblɔ be ele be Kristotɔwo katã ƒe “nu nasɔ.” (1 Korintotɔwo 1:10) Ke hã tsɔtsi geɖeawo ƒe nu mesɔna le woƒe nufiafiawo me o. Woƒe nu mesɔna le nufiafia bɔbɔetɔwo kekeake abe nu si Kristotɔnyenye fia ene gɔ̃ hã me o. Kristo-ha siawo katã mate ŋu anye vavãtɔwo o.​—1 Petro 2:21.

  3. Yesu gblɔe ɖi be ame geɖewo agblɔ be yewonye Kristotɔwo evɔ womawɔ ɖe yeƒe sededewo dzi o. Egblɔe be yeagbe ame siawo tɔgbi. (Mateo 7:21-23; Luka 6:46) Subɔsubɔhakplɔla siwo tɔ tsi nufiafia vavãtɔ la le woawo ŋutɔwo ƒe viɖewo ta la aflu ame aɖewo. (Mateo 7:​15) Gake ame bubuwo ya ŋutɔwoe tiae be yewoanɔ alakpa Kristo-hawo me, ale be woagblɔ nu siwo yewodi be yewoase la na yewo, ke menye nyateƒe si le Biblia me la o.​—2 Timoteo 4:​3, 4.

Yesu gblɔe ɖi le eƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiwo ŋu me be ame geɖewo ade megbe tso Kristotɔnyenye gbɔ (alo agbe xɔse). (Mateo 13:24-​30, 36-​43) Womakpɔ vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple alakpatɔawo dome o ɣeyiɣi didi aɖe. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi pɛpɛpɛ ene la, xɔsegbegbe va xɔ anyi nɔ le apostoloawo ƒe ku megbe. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Togbɔ be xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo ate ŋu ato vovo tso wo nɔewo gbɔ hã la, alakpa Kristotɔ vovovo siawo katã “tra mɔ tso nyateƒe la gbɔ.”—2 Timoteo 2:18.

Yesu gagblɔe ɖi hã be vovototo si le Kristo-ha vavã la kple alakpatɔawo dome la ava dze ƒãa mlɔeba. Esia va eme le míaƒe ɣeyiɣi sia si nye “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la me.—Mateo 13:30, 39.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe