INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 107
  • Nu Kae Wòfia Be Woagbugbɔ Ame Adzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Wòfia Be Woagbugbɔ Ame Adzi?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Gbugbɔgadzi—Mɔ Si Kplɔa Ame Yia Ðeɖekpɔkpɔ Mee Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Amedzidzi Yeyee—Ame Ŋutɔe Tianɛa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Amedzidzi Yeyee—Aleke Gbegbe Wòle Vevie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Amedzidzi Yeyee—Taɖodzinu Kae Le Eŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 107
Esi wonyrɔ Yesu le Yordan-tɔsisia me vɔ la, ekpɔ dziƒo

Nu Kae Wòfia Be Woagbugbɔ Ame Adzi?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Nya ‘gbugbɔ ame dzi’ alo gbugbɔgadzi fia ƒomedodo si le ame si wogbugbɔ dzi kple Mawu dome la ƒe gɔmedzedze. (Yohanes 3:3, 7) Mawu xɔa ame siwo wogbugbɔ dzi la wozua viawo. (Romatɔwo 8:15, 16; Galatiatɔwo 4:5; 1 Yohanes 3:1) Esɔ kple ale si ame naxɔ vi anyi le se nu, woƒe ɖoƒe trɔna, eye wova zua Mawu ƒe ƒomea me tɔwo.​—2 Korintotɔwo 6:18.

Nu ka tae wogbugbɔa ame dzina?

Yesu gblɔ be: “Ne womegbugbɔ ame dzi o la, mate ŋu akpɔ Mawu Fiaɖuƒe la o.” (Yohanes 3:3) Eya ta ne wogbugbɔ ame dzi la, edzraa amea ɖo na fiaɖuɖu kple Kristo le Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me. Fiaɖuƒe sia ɖua dzi tso dziƒo, eya tae Biblia gblɔ tso ame siwo wodzi “yeyee” ŋu be wodzra domenyinu ɖo ɖi na wo “ɖe dziƒo.” (1 Petro 1:3, 4) Mawu naa kakaɖedzi ame siwo wogbugbɔ dzi la be woaɖu fia kple Kristo.​—2 Timoteo 2:12; 2 Korintotɔwo 1:21, 22.

Aleke wogbugbɔa ame dzina?

Esi Yesu nɔ nu ƒom tso nya sia ŋu la, egblɔ be “tsi kple gbɔgbɔ” ye woatsɔ adzi ame siwo wogbugbɔ dzi la. (Yohanes 3:5) Nya sia fia be woanyrɔ amea ɖe tsi me emegbe woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la anyrɔe.​—Dɔwɔwɔwo 1:5; 2:1-4.

Yesue nye ame gbãtɔ si wogbugbɔ dzi. Wonyrɔe le Yordan-tɔsisia me, eyome Mawu si ami nɛ (alo nyrɔe) kple gbɔgbɔ kɔkɔe la. Aleae wòdzɔe be wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea gbugbɔ Mawu ƒe vi Yesu dzi be mɔkpɔkpɔ nasu esi wòagbugbɔ ayi dziƒo. (Marko 1:​9-​11) Mawu na Yesu ƒe mɔkpɔkpɔ sia va eme nɛ esime wòfɔe ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ.​—Dɔwɔwɔwo 13:33.

Wonyrɔa ame bubu siwo wogbugbɔ dzi la hã ɖe tsi me gbã hafi wova xɔa gbɔgbɔ kɔkɔe la.a (Dɔwɔwɔwo 2:38, 41) Tso ekema dzi la, agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ sẽŋu aɖe nɔa wo si, eye Mawu ana esia nava eme na wo le tsitretsitsia me.​—1 Korintotɔwo 15:42-49.

Susu totro siwo nɔa amewo si ku ɖe gbugbɔgadzi la ŋu

Susu totro: Ele be woagbugbɔ ame adzi hafi wòate ŋu akpɔ ɖeɖe alo anye Kristotɔ.

Nyateƒea: Menye ame siwo wogbugbɔ dzi eye woaɖu fia kple Kristo le dziƒo la koe Kristo ƒe vɔsa la aɖe vi na o, ke boŋ aɖe vi na Mawu ƒe Fiaɖuƒea tevi siwo anɔ anyigba dzi hã. (1 Yohanes 2:1, 2; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na Kristotɔwo ƒe hatsotso evelia sia me tɔwo be woanɔ Paradiso me le anyigba dzi tegbee.​—Psalmo 37:29; Mateo 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:1-5.

Susu totro: Ame ŋutɔ ate ŋu atiae be woagbugbɔ ye adzi.

Nyateƒea: Mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu na ame sia ame be wòava dze xɔlɔ̃ Mawu ahakpɔ ɖeɖe. (1 Timoteo 2:3, 4; Yakobo 4:8) Gake Mawue tiaa ame siwo woagbugbɔ adzi alo woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea asi ami na la. Biblia gblɔ be “metso ame si le didim alo ame si le ʋiʋlim” be woagbugbɔ ye adzi “ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ etso Mawu” ƒe “lɔlɔ̃nu me.” (Romatɔwo 9:16) Woagate ŋu aɖe nyagbe si gɔme woɖe be ‘wogbugbɔ wo dzi’ gɔme be ‘wodzi wo tso dziƒo’ alo wodzi wo tso Mawu gbɔ.​—Yohanes 3:3, etenuŋɔŋlɔ.

a Gake menɔ alea le Kornelio kple eƒemetɔwo ya gome o.​—Dɔwɔwɔwo 10:44-48.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe