INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 166
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nya kae Biblia gblɔ tso ga ŋu?
  • Nu ka tae Biblia xlɔ̃ nu mí tso galɔlɔ̃ ŋu?
  • Aleke aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ga ŋu la ate ŋu aɖe vi na mí?
  • Ga
    Nyɔ!—2014
  • Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Nukpɔsusu Nyui Kae Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu?
    Nyɔ!—2007
  • Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 166
Ŋutsu aɖe do asi ɖa be yealɔ ga gbogbo aɖe.

Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ao. Biblia megblɔ be ga nye nu vɔ̃ɖi o, eye megblɔ hã be gae le megbe na nu vɔ̃ɖi ƒomevi ɖe sia ɖe o. Nya si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ be “ga nye nu vɔ̃ɖiwo katã ƒe ke” la nye mawunyakpukpui aɖe me nyawo ƒe akpa aɖe si wotro gboe. Nya si Biblia gblɔ boŋue nye be “nu vɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.”a—1 Timoteo 6:10, Eʋegbe Biblia, míawoe te gbe ɖe edzi.

  • Nya kae Biblia gblɔ tso ga ŋu?

  • Nu ka tae Biblia xlɔ̃ nu mí tso galɔlɔ̃ ŋu?

  • Aleke aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ga ŋu la ate ŋu aɖe vi na mí?

  • Mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso ga ŋu

Nya kae Biblia gblɔ tso ga ŋu?

Biblia na eme kɔ be ne ame zã ga nyuie la, ate ŋu aɖe vi nɛ, eye ate ŋu ‘akpɔ eta’ gɔ̃ hã. (Nyagblɔla 7:12) Gakpe ɖe eŋu la, Biblia kafu ame siwo nyoa dɔme na ame, eye dɔmenyo sia ate ŋu anye ganana ame hã.—Lododowo 11:25.

Gake Biblia xlɔ̃ nu mí be míagana ga nanye nu vevitɔ na mí le agbe me o. Egblɔ be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.” (Hebritɔwo 13:5) Nu si nya mawo fiae nye be míagana ga nanɔ vevie na mí akpa alo be míati kesinɔnuwo yome o. Ke boŋ, ne nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ, abe nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe ene su mía si la, míana nu siawo nadze mía ŋu.—1 Timoteo 6:8.

Nu ka tae Biblia xlɔ̃ nu mí tso galɔlɔ̃ ŋu?

Ŋuklẽlawo makpɔ agbe mavɔ o. (Efesotɔwo 5:5) Susu ɖeka si tae nye be, ŋukeklẽ sɔ kple trɔ̃subɔsubɔ, alo alakpasubɔsubɔ. (Kolosetɔwo 3:5) Susu bubu hãe nye be zi geɖe la, ŋuklẽlawo wɔa nu tovowo ne wole agbagba dzem be nu siwo yewodi la nasu yewo si. Lododowo 28:20 gblɔ be: “Ame si tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, fɔɖiɖi magbe eŋu nɔnɔ o.” Ŋukeklẽ ate ŋu ana amewo nawɔ nu vlowo, abe adzodada, ametafatafa, amefifi, alo amewuwu ene gɔ̃ hã.

Ne galɔlɔ̃ mena ame ƒo eɖokui ɖe nu vlowo wɔwɔ me o gɔ̃ hã la, nu gbegblẽ bubuwo ate ŋu ado tso eme. Biblia gblɔ be “ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la gena ɖe tetekpɔ kple mɔ̃tetre kpakple movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nu vevi ame . . . la me.”—1 Timoteo 6:9.

Aleke aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ga ŋu la ate ŋu aɖe vi na mí?

Ne mímeɖe mɔ galɔlɔ̃ wɔe be míedana le Mawu ƒe se kple nudidiwo dzi o la, míase le mía ɖokui me be bubu le mía ŋu, eye Mawu hã akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahakpe ɖe mía ŋu. Mawu do ŋugbe na ame siwo dzea agbagba vevie be yewoadze eŋu la be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” (Hebritɔwo 13:5, 6) Mawu gaka ɖe edzi na mí hã be “woayra nuteƒewɔla geɖe.”—Lododowo 28:20.

Mawunyakpukpui Siwo Ƒo Nu Tso Ga Ŋu

Nyagblɔla 7:12: “Ga . . . kpɔa ame ta.”

Nu si wòfia: Ne míezã ga nyuie la, ate ŋu aɖe vi na mí, elabena etea ŋu nana ame nɔa dedie le go aɖewo me.

Luka 12:15: “Ne nu gbogbo aɖewo le ame si hã la, nu siawo mana agbee o.”

Nu si wòfia: Menye gae nye nu vevitɔ le agbe me o, eye menye eyae ana míakpɔ ɖeɖe hã o.

1 Timoteo 6:10: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia yome la, wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.”

Nu si wòfia: Menye nu gbegblẽe ga nye o. Gake ame siwo lɔ̃ ga eye wona wònye nu vevitɔ na wo le agbe me la hea kuxiwo vaa wo ɖokuiwo dzi, le kpɔɖeŋu me, woƒe ƒomewo gbãna alo lãmesẽnyawo ɖea fu na wo le dɔwɔwɔ atraɖii ta.

Hebritɔwo 13:5: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.”

Nu si wòfia: Le esi míadi godoo be míazu kesinɔtɔwo teƒe la, nunya anɔ eme be ne nu siwo hiã mí ŋutɔŋutɔ su mía si ko la, míana nu mawo nadze mía ŋu.

Mateo 19:24: “Ele bɔbɔe na kposɔ be wòato abui ƒe vo me wu be kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.”

Nu si wòfia: Ðeko Yesu kpe ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe be wòadze ye yome koe nye ema wògblɔ nya mawo. Ðekakpuia mewɔ ɖe amekpekpea dzi o, elabena eƒe dzi ku ɖe eƒe nunɔamesiwo ŋu akpa. Eya ta nuxlɔ̃amee Yesu ƒe nya mawo nye. Ne kesinɔnuwo didi le vevie na ame aɖe wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ la, agbe mavɔ kpɔkpɔ ate ŋu ato eŋu.

a Woɖe kpukpui sia gɔme le Biblia bubu me be: “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe