INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwwd nyati 8
  • Ale Si Adzawo Wɔna Trea Wo Ðokui Ðe Nu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Adzawo Wɔna Trea Wo Ðokui Ðe Nu Ŋu
  • Ðe Wowɔea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Boso Ƒe Ŋutigbalẽ Si Klɔa Ði Le Eɖokui Ŋu
    Ðe Wowɔea?
  • Ƒumefɔlĩ Ƒe Ade Si Wòtsɔ Wɔa Ðɔ
    Nyɔ!—2016
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2011
  • Nya Ɣaɣla Aɖe Si Ku Ðe Yiyiɖɔ Ŋu
    Nyɔ!—2014
Ðe Wowɔea?
ijwwd nyati 8
Adzawo

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Adzawo Wɔna Trea Wo Ðokui Ðe Nu Ŋu

Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia lãwo ŋuti nunyalawo de dzesii be adzawo tea ŋu léna ɖe agakpewo, tɔdzisasrãwo kple meliwo ŋu goŋgoŋ. Nutrenu si adzawo wɔna la de ŋgɔ sãsãsã wu nutrenu ƒomevi ɖe sia ɖe si amegbetɔwo wɔ kpɔ. Nyitsɔ laa koe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya ale si adzawo wɔna trea wo ɖokui ɖe nu siwo le tsi me ŋu.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Numekukuwo ɖee fia be adzawo ƒe vi siwo do le woƒe aziwo me, siwo ate ŋu aƒu tsi la, léa ŋku ɖe nu siwo ŋu woalé ɖo la ŋu nyuie hafi léa wo ɖokui ɖe wo ŋu. Eye ne wokpɔ afi si woalé ɖo ko la, woɖea lãmetsi ƒomevi eve aɖewo ɖe teƒea. Lãmetsi gbãtɔa, si le abe ami ene la, tea ŋu ɖea tsinu ɖa le teƒe si adzaa di be yealé ye ɖokui ɖo. Eye lãmetsi ma wɔnɛ be teƒea sɔna nyuie be lãmetsi evelia, si nye protein ƒomevi aɖe la, hã nate ŋu alé ɖe teƒea.

Lãmetsi eve siawo ƒoa ƒu zua nutrenu aɖe si nu sẽ ale gbegbe be nugbagbevi suesuesue siwo gblẽa nu dome gɔ̃ hã mate ŋu agblẽe o. Ele vevie ŋutɔ be ŋusẽ nanɔ nutrenua ŋu alea, elabe afi mae adzaa anɔ le eƒe agbenɔɣi katã.

Adzawo, kpakple ale si woƒe nutrenua le ŋuti foto

Adzawo, kpakple ale si woƒe nutrenua le ŋuti foto

Ale si adzawo wɔa woƒe nutrenuae la de ŋgɔ sãsãsã wu ale si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susui gbã. Numekula siwo va srɔ̃ nu tso ale si adzawo tea ŋu wɔa woƒe nutrenuae ŋu la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ale si adzawo wɔna trea wo ɖokui ɖe nu siwo le tsi me ŋu le dzɔdzɔme nu la ɖe nunya deŋgɔ aɖe ŋutɔ fia.” Nu siwo ŋu numekulawo ke ɖo la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nutrenu siwo woate ŋu azã le tsi gɔme, kpakple nutrenu ƒomevi bubu siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ le elektrɔnik mɔ̃ɖaŋunuwo kple atikewɔnyawo me.

Nu kae nèsusu? Ðe ale si adzawo tea ŋu trea wo ɖokui ɖe nu ŋu la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe