Etenuŋɔŋlɔ
b Se sia le etɔxɛ, eye ɖikeke mele eme o be, se sia tɔgbi menɔ afi si Rut tso va o. Ɣemaɣi la, blema Titina Ɣedzeƒetɔwo mewɔa nu ɖe ahosiwo ŋu nyuie kura o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne nyɔnu aɖe srɔ̃ ku la, zi geɖe la, viaŋutsuwoe kpɔa edzi, ke ne viŋutsu mele esi o la, atsɔ eɖokui adzra kluvii alo wòanye gbolo, alo ku koe ava xɔ nɛ.”