Etenuŋɔŋlɔ
c Nu siwo na be nuxlɔ̃ame ma mewɔ dɔ tututu ɣemaɣi o dometɔ ɖekae nye be wosusu be Kristo ƒe alẽha suea, siwo nye ame 144,000 la, me tɔwo koŋue wòyi na. Míava kpɔe le Ta 5 lia me be do ŋgɔ na ƒe 1935 la, wosusui be “ame ha gã” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 7:9, 10 la anye Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me tɔ gbogbo aɖewo, eye be woazu dziƒoyilawo ƒe hatsotso evelia le esi woava nɔ Kristo ƒe akpa dzi le gaƒoƒo mamlɛtɔ me ta.