Etenuŋɔŋlɔ
c Luka ƒe Nyanyuigbalẽa meƒo nu tso tetekpɔawo ŋu le ɖoɖo si nu wodzɔ le nu o, gake ewɔ abe Mateo ya ƒo nu tso wo ŋu le ɖoɖoa nu ene. Na míade ŋugble le susu etɔ̃ siwo tae ŋu kpɔ. (1) Nya “azɔ” si Mateo zã hafi ƒo nu tso tetekpɔ evelia ŋu fia be ɖeka do ŋgɔ na ema. (2) Edze ƒãa be ayemɔ si Satana zã le tetekpɔ eve gbãtɔawo me siwo dze egɔme kple nyagbɔgblɔ “Ne Mawu ƒe vie nènye la,” fia be tetekpɔ si akplɔ emawo ɖo la anɔ tẽe be wòada le sedede gbãtɔa dzi. (2 Mose 20:2, 3) (3) Anɔ eme be Yesu gblɔ nya si nye “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” la le tetekpɔ etɔ̃lia si nye mamlɛtɔ megbe.—Mat. 4:5, 10, 11.