Etenuŋɔŋlɔ
b Zi mamlɛtɔ si wogayɔ Yosef tẽ enye esime wokpɔ Yesu ƒe 12 vi la le gbedoxɔa me. Womegblɔ naneke tso Yosef ŋu si fia be enɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe le Kana esime Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme o. (Yohanes 2:1-3) Le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime woklã Yesu ɖe ati ŋu la, etsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de asi na eƒe apostolo lɔlɔ̃a, Yohanes. Ne ɖe Yosef nɔ agbe la, anye ne Yesu mawɔ nusia o.—Yohanes 19:26, 27.