Etenuŋɔŋlɔ
a Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea taʋiʋli me la, Yehowa Ðasefowo mekpɔa gome le dunyahehe me alo da megbe na aglãdzedze ɖe dziɖuɖuwo ŋu le dukɔ siwo me woɖo asi Ðasefoawo dzi alo tia wo yome le kura gɔ̃ hã o. (Tito 3:1) Ke boŋ wodzea agbagba be yewoawɔ gbɔgbɔmedɔ si ŋu viɖe le, si mewɔa ɖeka kple dunyahehe o wòsɔna ɖe alesi Yesu kple eƒe ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃lawo wɔ nu. Ðasefoawo kua kutri be yewoakpe ɖe amesiwo dze ŋu le woƒe nutowo me be woasrɔ̃ Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ siwo ŋu viɖe le abe lɔlɔ̃ na ƒometɔwo, nyateƒetoto, agbedzadzɛnɔnɔ, kple dɔ nyuiwɔwɔ ene. Vevitɔ wu la, wodzea agbagba be yewoafia alesi amewo azɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi eye woakpɔ mɔ na Mawu Fiaɖuƒea be enye amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ.