Etenuŋɔŋlɔ
a “Vovototo si tututu [le Yesu kple Farisitɔwo] dome dze ƒã le Mawu ƒe amenyenye ŋuti gɔmesese eve siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la koŋ me. Le Farisitɔwo gome la, Mawu nye amedzizila koŋ; evɔ le Yesu gome la, Mawu nye amenuvela kple nublanuikpɔla. Ke hã Farisitɔwo megbe lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ dzi o, gake le woawo gome la, dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia siawo dze le nunana si le Torah [Se] la me eye nusiwo wobia le Sea me dzi wɔwɔ dzi wònɔ te ɖo. . . . Kɔnyinyi si wogblɔ kple nu, kple alesi wozãnɛ tsɔ ɖea sea mee, me léle ɖe asi nye nusi Farisitɔwo bu be enye wɔwɔ ɖe Torah la dzi. . . . Alesi Yesu da lɔlɔ̃ ƒe se eve ƒokplia (Mateo 22:34-40) ɖe kɔkɔƒe be wòanye esi me woalé ɖe asi kple alesi wògbe kɔnyinyi si blaa ame kpaɖii si wogblɔ kple nui . . . na be masɔmasɔ nɔ woa kple Farisitɔwo ƒe nufiafia dome.”—The New International Dictionary of New Testament Theology.