Etenuŋɔŋlɔ
a Togbɔ be woɖe Hebrigbe me nya ’eʹrets gɔme le Biblia geɖe me be “du” le esi teƒe be wòanye “anyigba” hã la, susu aɖeke meli si tae míagblɔ be ’eʹrets, si wozã le Psalmo 37:11, 29 la, fia du siwo wotsɔ na Israel-viwo o. Agbalẽ aɖe si William Wilson ŋlɔ la ɖe ’eʹrets gɔme be, “anyigba bliboa, eƒe akpa siwo amewo le kple akpa siwo amewo mele o siaa; hafi wòate ŋu afia du alo anyigba ƒe akpa aɖe ko la, ke ele be woatsɔ nyagbe aɖe akpee.” (Old Testament Word Studies) Eyata Hebrigbe me nyaa ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe nye anyigba bliboa.—Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 1, 1986, axa 31.