Etenuŋɔŋlɔ
c Hafi ŋutsu aɖe nadze hena agbanɔamedziwo xɔxɔ le Kristo hamea me la, mele be wòanye “ameƒola” o, si fia be manye ame si ƒoa ame ŋutɔŋutɔ, alo tsɔa eƒe nuƒoƒo ƒoa ame to gbedadaɖeamegbɔ me o. Eya ta September 1, 1990 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 25 gblɔ tso Kristotɔ srɔ̃ŋutsu ŋu be: “Madze o, ne ewɔa nu mawusosroɖatɔe le teƒe bubuwo gake wònye ŋutasẽla le aƒe me.”—Timoteo I, 3:2-5, 12.