Etenuŋɔŋlɔ
c Biblia fiaa nu be ne ame ku la, egbugbɔ zua anyi, be luʋɔ la kuna, eye be míaƒe tamesusuwo kple seselelãmewo nu yina. (1 Mose 3:19; Nyagblɔla 9:5, 6; Xezekiel 18:4) Medze le Biblia ƒe afi aɖeke be wowɔa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔwo le dzo aɖe si le bibim la me tegbetegbe o.