Etenuŋɔŋlɔ
c Wogblɔ be, ale si womegaƒo nu tso Yosef ŋu le nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu me o la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena woƒo nu tso Yesu ƒe ƒomea me tɔ bubuwo—dadaa, nɔviaŋutsuwo, kple nɔvianyɔnuwo—ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe le Kana la, Maria kpɔ gome le wɔnawo me, eye wòwɔ nanewo tsɔ kpe asi ɖe wɔnawo ŋu gɔ̃ hã, gake womeƒo nu tso Yosef ya ŋu o. (Yohanes 2:1-11) Le nudzɔdzɔ bubu me la, Kristo detɔwo yɔe be “Maria ƒe vi” ke menye Yosef ƒe vi o.—Marko 6:3.