Etenuŋɔŋlɔ
c Kaka Yesu Kristo kple eƒe apostoloawo ƒe ɣeyiɣiawo naɖo la, woɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽwo katã gɔme ɖe Helagbe me. Biblia gɔmeɖeɖe siae wova yɔ be Septuagint, eye Yudatɔ siwo doa Helagbe la hã zãnɛ ŋutɔ ɣemaɣi. Septuagint la mee woyɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo me nya alafa geɖe siwo dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la ƒe akpa gãtɔ tso.