Etenuŋɔŋlɔ
e Anyikpewo dzie wowɔ asitsatsa ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖo le Babilon Fiaɖuƒe Yeyea ƒe fiawo katã ƒe dziɖuɣi. Ne woƒo ƒe siwo katã Babilon Fiaɖuƒe Yeyea ƒe fiawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖu dzi nu ƒu va se ɖe fia mamlɛtɔ, Nabonido, dzi la, afia be ƒe 587 D.M.Ŋ. mee wotsrɔ̃ Yerusalem. Ke hã, ne ɖe asitsatsa ŋuti anyikpedzinuŋlɔɖiawo de nu wo nɔewo me nyuie ko hafi akɔntabubu sia asɔ.