Etenuŋɔŋlɔ
c Nyagbe si nye “agbã fiaɖuƒe mawo katã,” si dze le Daniel 2:44 la, ku ɖe fiaɖuƒe, alo xexemeŋusẽ, siwo legba la ƒe akpa vovovoawo le tsitre ɖi na la ŋu. Gake Biblia ƒe nyagblɔɖi bubu aɖe si ƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ke ŋu la ɖee fia be “anyigba blibo la dzi fiawo” aƒo ƒu be yewowɔ aʋa kple Yehowa le “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la” dzi. (Nyaɖ. 16:14; 19:19-21) Eya ta menye fiaɖuƒe siwo legba la ƒe akpa vovovoawo le tsitre ɖi na la koe woatsrɔ̃ le Harmagedon me o, ke boŋ woatsrɔ̃ xexe sia me fiaɖuƒe bubuwo katã hã.