Etenuŋɔŋlɔ
a Numekula aɖewo gblɔ be Yosef nɔviawo susui be nu si yewo fofo na Yosef la ɖee fia be eɖoe be yeatsɔ ŋgɔgbevinyenyea ana ɖevi la. Wonyae be Yosef ye nye Yakob srɔ̃ malɔ̃nugbɔa ƒe vi ŋgɔgbea—eye nyɔnu mae eya ŋutɔ ɖo be yeaɖe gbã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ruben, si nye Yakob viŋutsu ŋgɔgbea la de asi fofoa ƒe kosi ŋu hedo vlo fofoa, eye alee wòdo vlo eƒe ŋgɔgbevinyenyea hã.—1 Mose 35:22; 49:3, 4.