Etenuŋɔŋlɔ
b Debora ƒe haa me nyawo ɖee fia be ne Sisera va dze dukɔa dzi la, zi geɖe la, eɖea aboyo nyɔnuviwo hã, eye ne wole aboyonuwo mam la, asrafo ɖeka tea ŋu xɔa nyɔnuvi eve gɔ̃ hã. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 5:30) Nya si gɔme woɖe be “nyɔnuvi” le kpukpui sia me la fia “vidzidɔ” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu. Esia na míekpɔe be wobua nyɔnu mawo be ɖeko woli ko hena woƒe vidzinuwo ŋu dɔ wɔwɔ. Anɔ eme be nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe bɔ ɣemaɣi.