Etenuŋɔŋlɔ
a Kristotɔ aɖe ate ŋu atiae be tu nanɔ ye si (eɖanye gã alo sue o) kple susu be yeatsɔ ada ade akpɔ lã aɖu alo atsɔ akpɔ ye ɖokui ta tso lã wɔadãwo si me. Gake ɣeyiɣi si me mele ezãm o la, anyo be wòaɖe tukpeawo le eme, alo kura gɔ̃ hã, wòaɖe eƒe akpa vovovoawo ɖa le wo nɔewo ŋu ahatsɔe adzra ɖo nyuie. Le dukɔ siwo me se meɖe mɔ ɖe tu ƒe amesinɔnɔ nu le o, alo esiwo me dziɖuɖua de se alo wɔ ɖoɖo ɖe eƒe amesinɔnɔ ŋu me la, ele be Kristotɔwo nawɔ ɖe sea dzi.—Rom. 13:1.