Etenuŋɔŋlɔ
a Nufialagã Marvin Pate ŋlɔ bena, Biblia ŋuti nunyala geɖewo xɔe se be, esi Yesu zã nyagbe “egbea” le eƒe nyaa me la, nu si wòwɔnɛ ye nye be yeaku eye yeayi Paradiso me gbe ma gbe ke, alo le gaƒoƒo 24 me. Nufialagã Pate gblɔ kpee be, kuxi si le gɔmesese ma ŋue nye be mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be esi Yesu ku la, eyi Tsiẽƒe eye emegbe la, eyi dziƒo.—Mat. 12:40; Dɔw. 2:31; Rom. 10:7.