Etenuŋɔŋlɔ
a Ðe míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, alo ɖe míaɖe mɔ Satana nakplɔ mí atra ɖa tso mía Mawu la gbɔa? Menye ale si gbegbe tetekpɔ si va mía dzi la nu sẽe lae ana míanya o, ke boŋ, ale si gbegbe míedzɔa míaƒe dzi ŋue. Nu kae ŋkɔnya “dzi” fia? Aleke Satana dzea agbagba be yeagblẽ nu le míaƒe dzia ŋui? Eye nu kae míate ŋu awɔ be míadzɔ míaƒe dzi ŋu? Míakpɔ biabia vevi siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati sia me.