Etenuŋɔŋlɔ
a Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔna si míawɔ le Fiɖa, April 19, 2019, dzi le fiẽ me lae nye kpekpe vevitɔ kekeake si míawɔ le ƒe bliboa me. Nu kae ʋãa mí be míade wɔna sia? Ðikeke mele eme o be, esi míedi be míadze Yehowa ŋu tae. Le nyati sia me la, míadzro nu si Ŋkuɖodzia kple míaƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpeawo dede ɖena fiana le mía ŋu la me.