Etenuŋɔŋlɔ
a Nu kae nye fɔmaɖimaɖi? Nu ka tae Yehowa dea asixɔxɔ nɔnɔme nyui sia ŋu le esubɔlawo ŋu? Nu ka tae fɔmaɖimaɖi le vevie na mía dometɔ ɖe sia ɖe? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase siawo ŋui. Akpe ɖe mía ŋu hã be míakpɔ afɔ siwo wòle be míaɖe be míado ŋusẽ mía ɖokuiwo, ale be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu gbe sia gbe. Esia ana Yehowa nayra mí geɖe.