Etenuŋɔŋlɔ
c NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: AFƆÐEÐE 1: Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a va ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me. Esi wova kpe kple wo nɔvi Kristotɔwo ɖekae la, wowɔ ɖeka kpli wo le wɔna si me Yehowa ƒe gbɔgbɔa nɔa anyi kpli mí le la me. AFƆÐEÐE 2: Wodzra ɖo be yewoakpɔ gome le kpekpea me. Afɔɖeɖe eve siwo nye be, míanɔ nu siwo gbɔgbɔa kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu wowɔna la wɔm, eye míaƒo mía ɖokui ɖe nu mawo me bliboe ale si míate ŋui la hiã le nu bubu siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me, siwo nye Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃, gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, kple gbedodoɖa na Yehowa hã me.