Etenuŋɔŋlɔ
a Tso keke ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekostea dzi la, Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe Kristotɔ aɖewo—mɔkpɔkpɔ mae nye be woaɖu fia kple Via le dziƒo. Gake, ne wotia Kristotɔ aɖe na mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia la, aleke wòwɔna nyana? Nu kawoe dzɔna ne Yehowa tia ame aɖe be wòava nɔ agbe le dziƒo? Wotu nyati sia ɖe nyati aɖe si dze le January 2016 ƒe Gbetakpɔxɔ me la me nyawo dzi. Míakpɔ biabia mawo ƒe ŋuɖoɖo siwo míedina vevie be míanya la le nyati sia me.