Etenuŋɔŋlɔ
a Ðe nèle dukɔ aɖe si me àte ŋu asubɔ Yehowa le ablɔɖe me la mea? Ne nenemae la, aleke nèle ŋutifafaɣi sia ŋu dɔ wɔmee? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàte ŋu asrɔ̃ Fia Asa si nɔ Yuda kple Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe kpɔɖeŋuawo. Wowɔ ɣeyiɣi siwo me wonɔ tomefafa me la ŋu dɔ le nunya me.