a Anɔ eme be apostolo Yohanes ye nye “nusrɔ̃la si Yesu lɔ̃na vevie.” (Yoh. 21:7) Togbɔ be ɖekakpui ko Yohanes nye ɣemaɣi hãa, nɔnɔme nyui geɖewo nɔ esi. Ƒe aɖewo megbea, Yehowa zãe wòŋlɔ nu geɖe tso lɔlɔ̃ ŋu. Le nyati sia mea, míaƒo nu tso nu siwo wòŋlɔ kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ la ŋu.