Etenuŋɔŋlɔ
a Mí katã míele kuxiwo me tom. Eye le kuxi aɖewo mea, míate ŋu awɔ naneke tso eŋu o; ɖeko wòle be míado dzi. Gake menye míawo ɖeɖe koe le dzia dom o. Yehowa ŋutɔ hã le dzi dom le nu geɖe me. Le nyati sia mea, míakpɔ nu asieke siwo me Yehowa le dzi dom le. Eye míadzro nu nyui siwo do tso eƒe dzidodoa me, kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme la hã me.