Etenuŋɔŋlɔ
a Yehowa na nunana wɔnuku aɖe mí. Eyae nye nuƒoƒo ƒe ŋutete. Nublanuitɔea, ame akpa gãtɔ mezãa nunana sia abe ale si Yehowa di ene o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nuƒoƒo nadza, wòade dzi ƒo, eye wòadze Yehowa ŋu le xexe vɔ̃ɖi sia me. Nu kae míawɔ be míaƒe nuƒoƒo nadze Yehowa ŋu ne míele gbeƒã ɖem, ne míele hame ƒe kpekpewo me, alo ne míele dze ɖom kple amewo? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati sia me.