Etenuŋɔŋlɔ
a Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si ame bubuwo ɖo me. Gake afɔku aɖewo hã li wòle be míaƒo asa na. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ ɖe akpa si wɔm míele ŋu, eye wòakpe ɖe mía ŋu hã be míagatsɔ mía ɖokuiwo anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo o, elabe ate ŋu ana míava nɔ dadam alo dzi naɖe le mía ƒo.