Etenuŋɔŋlɔ
a Ame si do dzi wɔ nuteƒe le dodokpɔ sesẽwo me ƒe kpɔɖeŋu si vaa susu me na mí zi geɖe ye nye Hiob. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒewɔla sia gbɔ? Ðekae nye be Satana mate ŋu azi mía dzi be míagbe nu le Yehowa gbɔ o. Bubu hãe nye be Yehowa nya nu sia nu si dzɔna ɖe mía dzi. Eye abe ale si Yehowa na Hiob ƒe fukpekpewo nu tso enea, ana míawo hã míaƒe fukpekpewo katã nu nayi gbe ɖeka. Ne míeto míaƒe nuwɔnawo dzi ɖee fia be míexɔ nyateƒenya siawo dzi sea, efia be míawo hã ‘míekpɔa mɔ na Yehowa.’