Etenuŋɔŋlɔ
a Apostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woagaɖe mɔ xexe sia nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuŋububu kple nuwɔna dzi o. Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ na míawo hã egbea. Mele be míaɖe mɔ xexea nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le mɔ aɖeke nu o. Eya ta ɣesiaɣi si míede dzesii be míaƒe nuŋububu mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu oa, ele be míadze agbagba aɖɔe ɖo. Míakpɔ ale si míate ŋu awɔ esia le nyati sia me.