Etenuŋɔŋlɔ
a Le Braɖa, April 4, 2023 dzia, ame miliɔn geɖe le xexea me godoo ade Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔnaa. Emae anye zi gbãtɔ si wo dometɔ aɖewo woade. Ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye womegade Ŋkuɖodzia kpɔ o ƒe geɖe hã dometɔ aɖewo ade. Nenema kee togbɔ be nɔnɔme aɖewo ate ŋu axe mɔ na ame aɖewo hafi hãa, woadze agbagba ade. Aleke kee wò nɔnɔmea ɖale o, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpɔ dzidzɔ ŋutɔ ne èdze agbagba de wɔna vevi ma.