Etenuŋɔŋlɔ
a Mí Yehowa subɔlawo katã míedzea agbagba be míaxlẽ eƒe Nyaa gbe sia gbe. Ame bubu geɖewo hã xlẽa Biblia gake womesea egɔme bliboe o. Esia dzɔ ɖe ame aɖewo dzi esime Yesu nɔ anyigba dzi. Míakpɔ nya si Yesu gblɔ na wo, nu si míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe nyawo me, kple ale si woakpe ɖe mía ŋu míaƒe Biblia xexlẽ nagaɖe vi na mí geɖe wu.